Zechariah 14:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ ŋɔdzi aƒo ŋutsuwoe; ŋutsu ɖe sia ɖe aku ɖe nɔvia ƒe asi ŋu, eye woawɔ avu kple wo nɔewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ɣemaɣi la Yehowa ade ʋunyaʋunya gã wo dome, ale be amesiame alé ehavi ƒe alɔnu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ma gbe la, Aƒetɔ ana woatɔtɔ anɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be ame sia ame adze ehavi dzi eye woawɔ nu vevi wo nɔewo.