Zechariah 14:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne Egiptetɔwo meyi ɖakpɔ gome le eme o la, tsi madza na wo o. Yehowa aƒo wo kple dɔvɔ̃ siwo wòtsɔ ƒo dukɔ siwo meyi ɖe Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne Egipte-ƒome la meho va o la, ekema tsi madza na woawo hã o. Yehowa ƒe hiãkame ava dukɔ, siwo meva, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie o la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne Egiptetɔwo gbe ŋkekenyui la ɖuƒeyiyi la, dɔléle dziŋɔ si Aƒetɔ ana wòadze ame siwo gbe yiyi dzi la adze woawo hã dzi.