Zechariah 2:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete megblɔ be; Nuka wɔ ge amesiawo va? Eɖo ŋu bena; Esiawo nye lãdzo, siwo kaka Yuda hlẽ, ale be amea ɖeke megafɔ ta dzi o la; eyata wova, be yewoaɖo ŋɔdzi na wo, eye yewoatutu dukɔ, siwo kɔ dzo dzi ɖe Yuda-nyigba ŋu, be woakakae ahlẽ la ƒe dzowo aƒu anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ nɛ be: “Ƒu du yi ɖagblɔ na ɖekakpuivi ma be gli magaƒo xlã Yerusalem azɔ o, ke boŋ anɔ abe kɔƒe ene elabe dua me nɔlawo kple lãhawo asɔ gbɔ wu dua.