Zechariah 3:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo me la ene oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa gblɔ nu Satana bena: Yehowa blu ɖe tawò, Satana, Yehowa, amesi fia Yerusalem la, blu ɖe tawò! Ɖe menye eyae nye ati takpoe woɖe tso dzo me oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aƒetɔ gblɔ na Satana be: “Aƒetɔ neka mo na wò, Satana. Aƒetɔ, ame si tia Yerusalem la, neka mo na wò! Ɖe menye nake si woɖe tso dzo me lae nye esia oa?”