Zechariah 3:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawudɔla la gblɔ na ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la be, “Miɖe awu ƒoɖi sia le eŋuti.” Etrɔ ɖe Yosua gbɔ gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, meɖe wò nu vɔ̃wo ɖa, eye azɔ la, mele awu yeye nyui siawo dom na wò.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòxɔ edzi gblɔ na amesiwo tsi tre ɖe eŋku me la bena; Miɖe awu ƒoɖlawo le eŋu! Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, meɖe wò voɖaɖawo ɖa le ŋuwò, eye maɖo atsyɔ̃wuwo na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawudɔla la gblɔ na ame siwo tsi tsitre ɖe eŋkume la be: “Miɖe awu ƒoɖiawo le ŋutsu sia ŋu!” Egblɔ na eya ŋutɔ be: “Kpɔ ɖa, meɖe wò nuvɔ̃wo ɖa le ŋuwò, eya ta mado awu xɔasiwo na wò.”