Zechariah 3:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete megblɔ be, “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ.” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wotsɔ awu do nɛ esi Yehowa ƒe dɔla la nɔ tsitre.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye megblɔ bena: Woatsɔ tablanu dzadzɛ abla ta nɛ! Tete wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ, eye wodo awuwo nɛ, esime Yehowa ƒe dɔla gali ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Megblɔ be: “Mitsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ!” Ale wotsɔ tablanu dzadzɛ bla ta nɛ eye wodo awu nɛ; Aƒetɔ ƒe dɔla la nɔ tsitre ɖi.