Zechariah 3:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Ne àzɔ le nye mɔwo dzi, alé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema maɖo wò nye gbedoxɔ nu, ànye nye aƒedzikpɔla, eye mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afi sia la dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne ézɔ nye mɔwo dzi, eye nèlé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, énɔ nye aƒe nu, eye nèlé ŋku ɖe nye xɔxɔnuwo ŋu la, ekema maɖe mɔ na wò nazɔ amesiwo tsi tre ɖi la dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Ne èwɔ nye sewo dzi, eye nèlé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, ànye nye aƒe la kple eƒe xɔxɔnuwo dzikpɔla. Mana nɔƒe wò ɖe ame siwo le tsitre ɖe afii la dome.