Zechariah 5:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ mekpɔ nyɔnu eve siwo dzo gbɔna ɖe gbɔnye, woƒe aʋalawo le abe damixetɔwo ene, eye wova kɔ kusi gã la hedzo kplii yi ɖe dziƒo ʋĩi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ nyɔnu eve wodo va, eye ya ɖo aʋala me na wo, woto aʋala abe ɖamixe ƒe aʋala ene, eye woka nuɖotree la ɖe dziƒo kple anyigba domee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete mefɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ nyɔnu eve siwo aʋala li na abe damixe ene; ya ɖo aʋala me na wo, eye wodzo gbɔna. Wova kɔ nudogba la hedzò yi ya me kplii.