Zechariah 6:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eyae nye ame si atu Yehowa ƒe gbedoxɔ, woaɖo fianyenye ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. Anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, ekema fianyenye kple nunɔlanyenye awɔ ɖeka!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyama atu Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la, eye atsyɔ̃ anɔ eŋu, abɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia, anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, eye ŋutlfafa anɔ woa kple eve la dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyae nye ame si atu gbedoxɔ la. Woade bubu eyama ŋu abe fia ene, eye wòaɖu eƒe dukɔ dzi. Nunɔla anɔ eƒe fiazikpui ŋu eye wo kple eve la ase wo nɔewo gɔme ahawɔ dɔ le ŋutifafa me.’ ”