Zechariah 6:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo le didiƒe ke la ava, akpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu, ekema mianyae be Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ. Esia ava eme nenye be mieɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amewo atso dldiƒe ava tu Yehowa ƒe gbedoxɔ, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye dɔm ɖe mi. Esia ava me, nenye be, miese Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Amewo atso didiƒe ʋĩi ava kpe ɖe xɔa tulawo ŋu woatu Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la, eye miadze sii be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔm ɖe mi. Nu siawo katã ava eme ne miewɔ Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ.”