Zechariah 6:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi sɔ sesẽawo do go la, wodze agbagba be woatsa le anyigba blibo la dzi. Egblɔ be, “Miyi miatsa le anyigba la katã dzi.” Ale woyi ɖatsa le anyigba blibo la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye dzĩawo ho, be yewoayi aɖatsa le anyigba dzi. Eye wògblɔ bena; Miyi miaɖatsa le anyigba la dzi! Tete woɖatsa le anyigba la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi sɔ dzĩawo ho la, wotsi dzi be yewoayi aɖatsa le anyigba dzi. Tete wògblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la dzi!” Ale woyi ɖatsa le edzi.