Zechariah 7:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le fia Dario ƒe ƒe enelia me la Yehowa ƒe gbe va na Zaxarya, le dzinu asiekelia Kislew ƒe ŋkeke enelia dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime fia Dario ƒe dziɖuɖu ɖo ƒè enelia me la, Aƒetɔ ƒe gbe va na Zaxarya le ɣleti asiekelia si woyɔna be Kislev ƒe ŋkeke enea gbe.