Zechariah 7:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mia fofowo gbe toɖoɖo gbedeasi sia, wolia ʋume kpakoo, eye wotsɔ asibidɛ xe to me be yewomagase nye nya la o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wogbe toɖoɖo, wolia ʋume kpakoo, eye wote nu ɖe to me, be yewomagase nu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke wogbe toɖoɖo, lia ʋume kpakoo, eye woté nu ɖe to me, be yewomagase nye nya o.