Zechariah 7:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wona woƒe dziwo sẽ abe hlihãkpe ene, elabena womedi be yewoase nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nyawo kple se siwo metsɔ na wo to nye Yehowa ƒe Gbɔgbɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã la dzi o. Esia ta nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, medo dɔmedzoe ɖe wo ŋuti ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wotsɔ woƒe dzi wɔ lotamekpee, be yewomagase se la kple Yehowa Zebaot ƒe nya, siwo wòɖo ɖa to eƒe gbɔgbɔ kple nyagblɔɖlla lsã tɔwo dzi la o; eyata dɔmedzoe ga tso Yehowa Zebaot gbɔ va ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wona woƒe dzi ku atri ale be yewomagase se la kple Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe nya siwo wògblɔ ɖo ɖa, to eƒe gbɔgbɔ kple eƒe gbeƒãɖela siwo nɔ anyi le blema la dzi o. Le esia tae, dɔmedzoe tso Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gbɔ va ɖo.