Zechariah 7:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo katã womenya o la ɖome, eye anyigba la atsi anyi aƒeɖoe le wo megbe, ale be amea ɖeke magato edzi ayi o; eye ale woatsɔ anyigba vevi la awɔ gbegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Metsɔ yali ka wo hlẽ ɖe dukɔ siwo womenya o la dome. Ale woƒe anyigba si wogblẽ ɖi la zu gbegbe, eye ame aɖeke megatoa afi ma yina o; wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe.