Zechariah 7:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miɖrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye mia dome amesiame nelɔ̃ ehavi, eye wòakpɔ nublanui nɛ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mia dome ame sia ame nenyo dɔme na ehavi eye wòakpɔ nublanui nɛ.