Zephaniah 3:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta mikpɔ nye asi nu,” Yehowae gblɔe, “elabena ŋkeke li gbɔna, matsi tsitre aɖi ɖase. Meɖoe be maƒo dukɔwo katã kple fiaɖuƒewo nu ƒu, eye makɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku helĩhelĩ ɖe wo dzi. Ale nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afia anyigba la katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Milala va se ɖe gbe si gbe matso abe ɖasefo ene ɖe dukɔwo ŋu. Elabe meɖoe be maƒo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu ƒu ale be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, nye dziku helihelĩ la katã. Elabe le nye dɔmedzoe ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo la me la, anyigba blibo la katã afiã.”