bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Song of Solomon 5
Song of Solomon 5
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 6 →
1
Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu!
2
Mele alɔ̃ dɔm, ke nye dzi le ŋute. Mido to, nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! Nɔvinyenyɔnu, xɔnye, nye ahɔne, nye ame dzadzɛ, ʋu ʋɔ nam! Elabena zãmu ƒo tame nam ƒũ, eye nye ɖa me yɔ fu kple dzadza.
3
Meɖe nye avɔwo ɖi, ɖe magatsɔ wo ataa? Meklɔ nye afɔwo, ɖe magaƒo ɖi woa?
4
Nye lɔlɔ̃tɔ do asi ɖe fesre nu, tete nye lãme gbagba yi ɖe eŋu.
5
Mefa, be maʋu ʋɔa na nye lɔlɔ̃tɔ, eye ami ʋeʋẽe le tsyɔtsyɔm le asi ŋu nam, ami nenẽe tsrolo le ɖuɖum le nye asibide ŋu ɖe gameti ƒe asiléƒe ŋu.
6
Meʋu ʋɔa na nye lɔlɔ̃tɔ, ke nye lɔlɔ̃tɔ trɔ dzo, ebu. Luʋɔ dzo le tanye, esime wòƒo nu. Medii, nyemekpɔe o; meyɔe, gake metɔ nam o.
7
Dzɔla, siwo le tsatsam le dua me la do gom, woƒom de abi ŋunye; gli ŋu dzɔlawo ɖe taɖedzi le ŋunye.
8
Yerusalem-nyɔnuviwo, mele mi: Ne miekpɔ nye lɔlɔ̃tɔ la, mito nɛ be, lɔlɔ̃ de dɔ lã me nam!
9
Nyɔnuwo ƒe tughedzɛ, nuka wo lɔlɔ̃tɔ tso ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae? Nuka wo lɔlɔ̃tɔ tsa ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae, hafi nèta nu na mí alea?
10
Nye lɔlɔ̃tɔ fu, eye wòbiã, eye wòƒo ame akpe nanewo la;
11
eƒe ta enye sika nyuitɔ, eƒe ɖa le abe ɖeʋala, siwo dza ɖe anyi me ene, eye wònyɔ abe akpaviã ene;
12
eƒe ŋkuwo le abe ahɔne le tɔʋu to ene, wole notsi, eye wosɔ ɖe ŋku to me;
13
eƒe alɔgo enye atike ʋeʋẽe kpo, si dzi atike ʋeʋẽe mie ɖo; eƒe nuyiwo nye dzogbenya, siwo le mire tsrolo tsyɔm;
14
eƒe alɔwo nye sikati mlimɔwo, siwo ŋu woɖo Tarsis-kpewoe; eƒe ƒoɖo enye aɖaŋudɔ, si wotsɔ nyiɖu wɔe, eye wotsɔ safir ɖo atsyɔ̃ ɖe eŋu;
15
eƒe atawo nye kpe ɣi sɔti, siwo woɖo sikafɔ dzi; eƒe dzedzeme le abe Libanon ene, eye wonye nu vevi abe sederti ene;
16
vivi le eƒe nu me, eye eyama ɖze ani. Yerusalem-nyɔnuviwo, nye lɔlɔ̃tɔ lae nye esia: amesiae nye xɔ̃nye la!
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8