bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Song of Solomon 7
Song of Solomon 7
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 8 →
1
Trɔ, trɔ, Sulamit, trɔ, trɔ, ne míaɖe ŋku ɖe ŋuwò! Nuka míebe, yiewoakpɔ le Sulamit ŋu? Aʋaɣeɖuɖue loo?
2
Wo bubume vinyɔnu, aleke wò azɔlime nyo le atokota me ale? Wò kpenyenyẽ le ahe kɔdzonu, si nye aɖaŋua ƒe asinudɔwɔwɔ ene;
3
wò akɔnu enye ze tegblẽ, si me aha tɔtɔ mevɔna le o, wò ƒoɖo enye bli, si woli kɔe, eye dzogbenya ɖe to ɖee;
4
wò nowo le abe sãdevi eve, zi venɔvi ene;
5
wò kɔ enye nyiɖuxɔ tsrala; wò ŋkuwo le abe ta, si le Xesbon le Batrabim-gbo nu ene; wò ŋɔti le ahe Libanon ƒe xɔ tsrala, si ɖo ta Damasko ene.
6
Wò ta, si le nuwò, ɖi Karmel; wò taɖa le abe aɖabɛ ene; wò ɖa ɖe ga fia.
7
Edze tugbe, eye nenyo loo, wò lɔlɔ̃, si nye vivisesego!
8
Ele tsralɛ abe deti ene, eye wò nowo nye detawe.
9
Mebe, made deti la dzi, eye malé eƒe alɔwo. Wò nowo nenye weinkpo le weinka ŋu, eye wò ŋɔli ƒe ʋeʋẽ neɖi atɔtɔŋuti tɔ!
10
Wò nu me nenye wen nyuitɔ, si ato nuyi kple aɖu dzi na nye lɔlɔ̃tɔ wɔli.
11
Nye lɔlɔ̃tɔ tɔ menye, eye yonyeme mɔ dim wòle.
12
Nye lɔlɔ̃tɔ, va míado ayi gbe me, eye míanɔ koferseƒoƒowo me.
13
Míafɔ ŋdi kanya ayi weingblewo me, ne míakpɔ be, weinkaawo dze, seƒoƒoawo ke, eye yevuboɖatiawo ƒo se hã? Afima matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò le.
14
Agbitsawo ƒe ʋeʋẽ gbagba ɖi, eye kutsetse nyui vovovowo le míaƒe ʋɔtru nu; nye lɔlɔ̃tɔ, medzra yeyeawo kple xoxoawo ɖo na wo.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8