bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Song of Solomon 8
Song of Solomon 8
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
1
Oo, esi nahanɔ nam abe nɔvinyeŋutsu, si no danye ƒe no ene ɖe! Anye ne mekpɔ wo le kpɔdome la, magbugbɔ nu na wò, eye amea ɖeke maɖo vlom o;
2
anye ne makplɔ wò ayi danye ƒe me, ayi nɔnye ƒe xɔ mee. Mana atike ʋeʋẽe ƒe wein kple yevuboɖaha wò nano.
3
Etsɔ eƒe mía de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe nuɖusi kple kɔ nam.
4
Yerusalem-nyɔnuviwo, meta mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi!
5
Ameka nye ekem tso gbe me gbɔna heziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu? Atɔtɔŋutiti le menyɔ wò le; afima dawò se veve dzi wò ɖo, afima nɔwò lé ku dzi wò ɖo.
6
Tsɔm wɔ ŋkɔslgɛ ɖe wò dzi ŋu kple ŋkɔsigɛ de wò asi! Elabena lɔlɔ̃ tri akɔ wu ku, eye ŋuʋaʋã se wu tsleƒe, eƒe bibi le abe dzo ƒe bibi ene, Yehowa ƒe dzoƒade wònye!
7
Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o, eye tɔsisi gãwo mate ŋu akplɔe adzoe o. Ne amea ɖe be, yeatsɔ eƒe aƒe me kesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la, ɖeko woade alɔme te eŋu.
8
Nɔvinyɔnu suea ɖe le mia si, mekpɔ te no haɖe o. Aleke míawɔ na mía nɔvmyɔnu la, le gbesigbe woabia eta?
9
Nenye gbe wonye la, míatsɔ klosalo atɔ kpɔ ɖe edzi, eye nenye agboe wònye la, míatsɔ sederʋuƒowo aklãe.
10
Gli menye, eye nye nowo le ahe xɔ tsralawo ene; eye mekpɔ ŋutifafa le eŋku me.
11
Weingble le Salomo si le Baal-Hamon; etsɔ weingble la ɖe asi na dzikpɔlawo be, wo dome amesiame nana klosalo sekel akpe ɖeka ɖe kutsetseawo ta.
12
Nye weingble le nye ŋutɔ asinye me, Salomo, tɔwòe nye sekel akpe ɖeka, eye alafa eve enye kutsetse dzikpɔlawo tɔ!
13
Wò nyɔnu, si nɔa abɔ me, xɔlɔwo ƒu to anyi ɖe wò gbe ŋu; na masee!
14
Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖe afɔ mi me, eye nanɔ abe sãde alo zivi, si le atike ʋeʋẽe towo dzi ene!
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8