bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Song of Solomon 2
Song of Solomon 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 3 →
1
Menye rosaseƒoƒo tso Saron; dzogbenya le baliwo me.
2
Ale si dzogbenya nɔa aŋɔkawo me la, nenema nye dzi lɔlɔ̃a le nyɔnuviwo domee.
3
Ale si yevutɔti nɔa atiwo dome le ave me la, nenema nye dzi lɔlɔ̃a le ɖekakpuiwo domee. Menɔa eƒe vɔvɔli te le dziɖeɖi me, eye eƒe kutsetsewo vivia nunye.
4
Ekplɔm yi eƒe ame kpekpewo ƒe nuɖuxɔ me, eye lɔlɔ̃e nye eƒe aflaga le dzinye.
5
Mitsɔ waintsetsebolo gbɔ agbem; mitsɔ yevutɔ fa dzi nam, elabe lɔlɔ̃ de dɔ lã me nam.
6
Aa, ɖe wòatsɔ eƒe miasi ade nye ta te, atsɔ eƒe nuɖusi akpla kɔ nam pɛ!
7
Yerusalem vinyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me na mi be: Miganyɔ lɔlɔ̃ o; migaʋuʋui hã o, va se ɖe esime wòdze eya ŋutɔ ŋu hafi!
8
Nye dzi lɔlɔ̃a ƒe gbe ɖi mese ɖa! Kpɔ ɖa, eya nye ekem gbɔna. Ele kpo dzom le towo flɔm, eye wòle kpo tim le togbɛwo flɔm.
9
Nye dzi lɔlɔ̃a le abe sãde alo zivi ene: Kpɔ ɖa, eyae nye ekem le tsitre ɖe míaƒe gli godo xoxo. Ele nu kpɔm to fesre nu, eye wòdo ŋku ɖa to adzrala nu.
10
Nye dzi lɔlɔ̃a ƒo nu gblɔ nam be: “Tso, nye dzi lɔlɔ̃a, nye tugbewo ƒe tugbe, va mídzo!
11
Elabe vuvɔŋɔli nu yi, eye tsi ke.
12
Seƒoƒowo wɔ nyuie le anyigba la dzi, hadziɣi ɖo, eye ahɔnɛwo ƒe xɔxlɔ̃ le ɖiɖim le míaƒe anyigba dzi.
13
Gbotsetsewo de asi ɖiɖi me, eye wainkawo ƒo se hele ʋeʋẽm lílilĩ. Tso, nye dzi lɔlɔ̃a, nye tugbewo ƒe tugbe, va mídzo!
14
Ao, nye ahɔnɛ le kpeto me, le agawo ƒe gogloƒe, na makpɔ wò ŋkume, na mase wò gbe; elabe wò gbe vivina, eye wò mo nyakpɔna.
15
Milé abeiwo na mí, milé suesuetɔwo hã. Woawoe gblẽa nu le waingblewo me, elabe míaƒe waingblewo ƒo se nyuie.”
16
Tɔnyee nye nye dzi lɔlɔ̃a, eye nye hã menye etɔ. Eya, ame si nyia eƒe lãha le dzogbenyawo dome.
17
Nye dzi lɔlɔ̃a, trɔ gbɔ hafi anyinu nafa, eye vɔvɔli nu nayi. Wɔ abe sãde alo zivi si le agakpewo dome le to tsakliwo dzi ene.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8