bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Deuteronomy 25
Deuteronomy 25
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 26 →
1
Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsuwo dome la, ekema woava ʋɔnu, eye woadrɔ̃e na wo; woatso afia na amesi ƒe nya dzɔ, eye wòabu fɔ amesi ƒe nya medzɔ o.
2
Eye ne fɔɖila dze ƒoƒo la, ekema ʋɔnudrɔ̃la nana wòatsyɔ akɔ anyi woaƒoe ɖe eƒe vodada la ta, eye ʋɔnudrɔ̃la nanɔ eteƒe axlẽe.
3
Zi blane dedie woaƒoe, eye womaƒoe wòagbɔ edzi, alo woaƒoe woatso me o, ne womagaɖi gbɔ nɔviwò le wò ŋku me o.
4
Ne nyitsu le mɔli tugum la, megabla nu nɛ o.
5
Ne nɔviŋutsuwo le afi ɖeka, eye wo dometɔ ɖeka medzi ŋutsuvia ɖeke hafi ku o la, ekema ame kukua srɔ̃ mekpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubua ɖeke o, ke boŋ srɔ̃a nɔvi naxɔe aɖe woazu srɔ̃.
6
Eye ŋutsuvi gbãtɔ, si wòdzi la, nalé nɔvia, si ku la, ƒe ŋkɔ ɖe te, ne eƒe ŋkɔ magatsrɔ̃ le Israel o.
7
Ke ne medze ŋutsu la ŋu be, wòaɖe nɔvia srɔ̃ o la, ekema nyɔnu la nayi ame tsitsiwo gbɔ le ʋɔnu agblɔ bena: Srɔ̃nye nɔvi gbe be, yemalé ye nɔvi ƒe ŋkɔ ɖe te le Israel o; egbe be, yemaɖem o.
8
Emegbe dumegãwo nana woayɔ ŋutsu la vɛ, eye woaƒo nu kplii; ke ne ele dzi gblɔ be, eɖeɖe mele ye dzrom o la,
9
ekema nɔvia srɔ̃ nate ɖe eŋu le ame tsitsiawo ŋku me, eye wòaɖe afɔkpa le afɔ ne, aɖe ta ɖe mo nɛ ahagblɔ bena: Ale woawɔ ŋutsu, si be, yemalé ye nɔvi ƒe aƒe ɖe te o la, enye si.
10
Eye woatsɔ ŋkɔ nɛ le Israel bena: Afɔ ƒuƒlutɔ ƒe aƒe.
11
Ne ŋutsuwo le avu wɔm kple wo nɔewo, eye wo dometɔ ɖeka srɔ̃ va, be yeaxɔ srɔ̃ le amesi le eƒom si, eye wòdo asi ɖa lé ŋutsu nɛ la,
12
ekema lã eƒe asi, eye megakpɔ eta o.
13
Nudakpe eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ butu me na wò o.
14
Efa eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ aƒewò me o.
15
Nudakpe blibo nyui nanɔ asiwò, ne nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.
16
Elabena amesiame, si wɔ nusia, eye wòwɔ nu madzɔmadzɔ la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, wò Mawu la.
17
Ɖo ŋku nusi Amalek wo wò le mɔ̃ ta, esime mieʋu tso Egipte la dzi,
18
mesi Mawu da o, eye esi ɖeɖi te ŋuwò negbɔdzɔ la, wòva kpe wò le mɔ dzi, eye wòtsrɔ̃ wò ame kudɔe, siwo tsi megbe la.
19
Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34