bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Isaiah 23
Isaiah 23
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 24 →
1
Nya ɖe Tiro ŋu: Mi Tarsis-ʋukulawo, mifa avi, elabena etsrɔ̃, aƒea ɖeke megali o, eye tɔtrɔgbɔ megali o! Wosee le Kititɔwo ƒe anyigba dzi.
2
Mi ƒutatɔwo, Zidon-sitsalawo, amesiwo toa atsiaƒu dzi, eye woyɔa dua me taŋ la, miaƒe nu netsi te!
3
Wotso Sixor ƒe nukuwo kple Nil ƒe agblemenuwo va me, eye wòzu dukɔwo ƒe asiɖiƒe.
4
Zidon, ŋu nekpe wò, elabena atsiaƒu, atsiaƒu ƒe mɔ̃ sesẽ gblɔ be: Fu meɖum o, nyemedzi vi o, eye nyemenyi ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo wotsi o.
5
Ne nya la de Egipte la, woadzo nyanyanya le Tiro ƒe nya la ta.
6
Miyi Tarsis, mifa avi, mi ƒutatɔwo!
7
Miaƒe dzidzɔdu, si dzɔ tso blema ke la, nye esia? Woƒe afɔwo kɔe yi didiƒe, ne wòadanye amedzro le afima.
8
Amekae ɖo esia ɖe Tiro, si ɖaa fiakuku na ame la ŋu? Eƒe asitsalawo nye amegãwo, eye eƒe nudzralawo nye ame ŋkutawo le anyigba dzi.
9
Yehowa Zebaot ɖoe ɖe ta me be, yeaɖi gbɔ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dàda, eye yeaklo bubu le ame ŋkutawo ŋu le anyigba dzi.
10
Gbagba ɖe wò anyigba dzi abe Nil ene, wò Tarsis-nyɔnuvi, alidziblanua ɖeke megali o!
11
Edo eƒe alo ɖe atsiaƒu ŋu, eʋuʋu fiaɖuƒewo, Yehowa de se ɖe Kanaan ŋu, ne wòatsrɔ̃ eƒe mɔ̃ sesẽwo,
12
eye wògblɔ bena: Màgatso aseye o, wò Zidon-ɖetugbi, si wogblẽ; tso, nayi Kititɔwo gbɔ, màkpɔ gbɔdzɔe le gama hã o.
13
Kpo ɖa, Asur tso Kaldeatɔ, siwo meganye dukɔ o la ƒe anyigba na gbedzilãwo; wotu xɔ tsralawo, eye wogbã woƒe fiasãwo wozu glikpo.
14
Mi Tarsis-ʋukulawo, mifa avi, elabena wogblẽ miaƒe mɔ̃ sesẽ la.
15
Eye ava me le ɣemaɣi be, ŋku adzo le Tiro dzi ƒe blaadre sɔŋ abe fia ƒe ƒe ene. Le ƒe blaadre megbe la ava me na Tiro, abe alesi wodzia gbolohae ene be:
16
Wò gbolo, si woŋlɔ be, tso kasaŋku natsa le dua me godoo; ƒo saŋku nyuie, dzi ha geɖe, ne woagaɖo ŋku dziwò!
17
Le ƒe blaadre megbe la Yehowa agaɖo ŋku Tiro dzi, eye wòagatrɔ ɖe eƒe gboloho ŋu, eye woawo gbolo kple anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã le xexea me.
18
Ke eƒe viɖe kple gboloho ŋu akɔ na Yehowa; womali koe o, eye womafi ɖo gleglegle o, ke boŋ eƒe adzododo anye amesiwo le Yehowa ŋku me la tɔ, ne woaɖu nu aɖi ƒo, eye woata ava nyuiwo.
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66