bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Jonah 3
Jonah 3
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
1
Tete Yehowa ƒe gbe va na Yona zi evelia bena:
2
Tso, nayi Niniwe, ɖu gã la me, eye naɖe gbe ƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ.
3
Tete Yona tso yi Niniwe ɖe Yehowa ƒe nya la nu. Niniwe enye du gãa ɖe le Mawu ŋku me, eye eƒe didime enye ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ.
4
Eye Yona zɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ le dua me heɖe gbe ƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!
5
Tete Nimwetɔwo xɔ Mawu dzi se, wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya, tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi.
6
Esi nya la ɖe Niniwe-fia gbɔ la, etso le eƒe fiazikpui dzi, eɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye wòta akpanya hebɔbɔ nɔ dzowɔ me.
7
Eye wòna wodo kpo gblɔ le Niniwe ɖe fia kple eƒe amegãwo ƒe se nu bena: Amegbetɔwo kple lãwo, nyiwo-kple alẽwo megade naneke nu me o; womegaɖu gbe alo ana tsi o,
8
ke boŋ amegbetɔwo kple lãwo siaa nata akpanya, woayɔ Mawu sesĩe, eye amesiame naɖe asi le eƒe mɔ vɔwo kple nu vɔ̃ɖi, si le edome la ŋuti.
9
Amea ɖe menya nu o Mawu atrɔ ta me, avee, eye eƒe dɔmedzoe heliheli la nu afa, be miatsrɔ̃ o hĩ!
10
Eye esi Mawu kpɔ, alesi wowɔ, be woɖe asi le woƒe mɔ vɔwo ŋu la, vɔ̃, si Mawu gblɔ be, yeawɔ wo la vee, eye mewɔe o.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4