bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Luke 17
Luke 17
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 18 →
1
Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Womate ŋu axe mo na nuɖiaɖiawo ƒe vava o; gake baba na amesi dzi woato ava.
2
Enyo nɛ be, woatsɔ té atsi ɖe ko ne, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu.
3
Mikpɔ mia ɖokui dzi! Ne nɔviwò wo nuvɔ̃ la, ka ŋku me nɛ; eye ne etrɔ le eƒe dzi me la, tsɔe kee.
4
Eye ne ewo nuvɔ̃ ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wògatrɔ zi adre va ɖe kuku na wò la, tsoe kee.
5
Eye apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la bena: Na miaƒe xɔse nadzi ɖe edzi na mí.
6
Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena: Ho ɖokuiwò naɖaɖo ɖe atsiaƒu me! eye aɖo to mi.
7
Ke mia dome ameka ƒe dɔla le agble ŋlɔm alo le lã nyim, eye ne etso agble va aƒe la, wòagblɔ nɛ bena: Va kaba, eye nabɔbɔ nɔ anyi mahã?
8
Alo menye ɖe wòagblɔ nɛ bena: Dzra nusi maɖu la ɖo, nasa avɔ ɖe ali asubɔm, vaseɖe esime meɖu nu, eye meno nu, eye esia megbe wò hã naɖu nu, eye nano nu o mahã?
9
Alo ɖe woada akpe na dɔla la bena, ewɔ nusiwo ƒe se wòde nɛ la dzi mahã?
10
Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mi be, miawo la, eya koe miewɔ.
11
Eye wòva ve me, esi wole mo dzi yina Yerusalem la bena, eto Samaria kple Galilea titina.
12
Eye esi wòyi ɖe kɔƒea ɖe me la, ŋutsu ewo, siwo nye anyidzelawo la, va kpee, eye wotsi tre ɖe adzɔge;
13
eye wokɔ woƒe gbewo dzi gblɔ bena: Yesu, amegã, kpɔ mia nublanui!
14
Eye esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo bena: Miheyi ɖatsɔ mia dokui tia nunɔlawo. Eye wòva ve me, esi woyina la, wo ŋuti kɔ.
15
Ke wo dometɔ ɖeka, esi wòkpɔ bena, woda gbe le ye ŋu la, egbugbɔ le Mawu kafum kple gbe sesẽ,
16
eye wòdze klo tsyɔ mo anyi de eƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ; eye eya la Samariatɔ wònye.
17
Eye Yesu xɔ dzi gblo bena: Alo menye ame ewo ŋutie ko o mahã? Ke afika wo ame asieke la le?
18
Alo amesiwo atrɔ atsɔ bubu na Mawu la meli o, negbe amedzro sia ko mahã?
19
Eye wògblɔ nɛ bena: Tsi tre, nadzo, wò xɔse la de wò.
20
Eye esi farisitɔwo bia ɣeyiɣi, si dzi mawufiaɖuƒe la ava lae la, eɖo eŋu na wo gblɔ bena: Mawufiaɖuƒe la megbɔna kple zi,
21
alo woagblɔ bena: kpɔ ɖa, afii alo afimee o; elabena kpɔ ɖa, mawufiaɖuƒe la le mia dome.
22
Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Ŋkekewo gbɔna, le esi me miadi be, míakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, eye míakpɔe o.
23
Eye woagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, afimee, kpɔ ɖa, afii! Migayi o, eye migadze wo yome o!
24
Elabena alesi dzikedzo, ne eke dzo le dziƒo ƒe go ɖeka me, wòklẽna de dziƒo ƒe go keme dzii la, nenema Amegbetɔvi la lanɔ le eƒe ŋkeke la dzi.
25
Gake ele nɛ gbã be, wòakpe fu geɖe, eye dzidzime sia lado vloe.
26
Eve alesi wòva ve me le Noa ƒe ŋkekeawo mee la, nenema wòanɔ le Amegbetɔvi la ƒe ŋkekeawo hã me.
27
Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole srɔ̃ɖeɖe dzi, eye wole wo tsɔm na, be woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi de aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va, eye wotsrɔ̃ wo katã.
28
Alesi ke wòva ve me le Lot ƒe ŋkekeawo me: Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole nuƒeƒle dzi, wole nudzadzra dzi, wole nukuwo dodo dzi, wole xɔtutu dzi;
29
ke le ŋkeke, si dzi Lot do go tso Sodom la, dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wotsrɔ̃ wo katã:
30
nenema ke wòanɔ le ŋkeke, si dzi Amegbetɔvi la laɖe eɖokui afia.
31
Le ŋkeke ma dzi la amesi lanɔ xɔta, eye eƒe nuwo le xɔ me la, magaɖi be, wòatsɔ wo ayii o, eye nenema ke amesi le agble mè la, megagbugbɔ de nusiwo le emegbe la ŋuti o?
32
Mido ŋku Lot srɔ̃ dzi!
33
Amesi ke le didim be, yeaɖe yeƒe agbe la, abui, eye amesi ke labui la, agaxɔe agbagbee.
34
Mele egblɔm na mi bena: Le zã ma me la ame eve woanɔ aba ɖeka dzi, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ekeme ɖi.
35
Nyɔnu eve lanɔ teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ekeme ɖi.
36
Ame eve lanɔ abɔ me, woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ekeme ɖi.
37
Eye woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Afikae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ na wo bena: Afisi nu kuku le la, afima hɔ̃wo ƒoa ƒu ɖo.
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24