bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Revelation 6
Revelation 6
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 7 →
1
Eye esime alẽvi la ɖe nutrenuawo ƒe ɖeka ɖa la, mekpe, eye mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka le gbɔgblɔm abe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi ene bena: Va!
2
Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye amesi ɖoe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.
3
Eye esime wòɖe nutrenu evelia ɖa la, mese nu gbagbe evelia le gbɔgblɔm bena: Va!
4
Eye so bubua ɖe, si le dzie la, do go, eye amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotso yi gã ɖe asi nɛ.
5
Eye esime wòɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia le gbɔgblɔm bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ yibɔa ɖe, eye amesi ɖoe la, lé nudanu ɖe asi.
6
Eye mese gbea ɖe, abe nu gbagbe eneawo dome wòɖi le ene hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxa denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃a ɖeke ami kple wein o.
7
Eye esime wòɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia ƒe gbe wòle gbɔgblɔm bena: Va!
8
Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.
9
Eye esime wòɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ amesiwo wowu le Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi, si wolé ɖe asi ŋuti la, ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui la te;
10
eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?
11
Eye wona lawu ʋlaya ɣi wo dome amesiame, eye wogblɔ na wo bena, woadzudzɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe, yiɖase esime woƒe hadɔlawo kple wo nuvi, siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la, hã ƒe xexlẽme nu nade.
12
Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene.
13
Eye dziƒoɣletiviwo ge ɖe anyigba abe alesi gboti dudua eƒe tsetse gbogbowo ɖe anyigba, ne ya sesẽa ɖe le ʋuʋum la ene.
14
Eye woŋlɔ dziƒo ɖa abe agbalẽ ŋɔŋlɔ ene, eye woɖe to sia to kple ƒukpo sia ƒukpo ɖa le wo teƒe.
15
Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me;
16
eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mia dzi, eye miɣla mi tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso alẽvi la ƒe dziku la nu; elabena eƒe dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22