bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Romans 7
Romans 7
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 8 →
1
Alo nɔviwò, elabena mele nu ƒom na amesiwo nya se la, ɖe mienyae bena, se la ɖua fia ɖe ame dzi le eƒe agbenɔɣi blibo la katã o mahã?
2
Elabena nyɔnu srɔ̃tɔ la, ŋkeke alesi srɔ̃ŋutsua le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsua ku la, wotui tso se, si biae ɖe srɔ̃ŋutsua ŋuti la me.
3
Eyata azɔ, ne ezu ame bubu srɔ̃, esime srɔ̃ŋutsua gale agbe la, woayɔe be ahasiwɔla; gake ne srɔ̃ŋutsua ku la, evo tso se la me, eye ne ezu ame bubu srɔ̃ la, meganye ahasiwɔla o.
4
Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.
5
Elabena esime míele ŋutilã me la, nuvɔ̃wo ƒe nudzodzro wuamenu, siwo dzo tso sea me la, sẽ ŋu ŋutɔ le míaƒe ŋutinuwo me, bene míatse ku na ku;
6
ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.
7
Azɔ nuka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nuvɔ̃a? Gbeɖe! Gake nyemedze si nuvɔ̃ la o, negbe to sea me ko; elabena nyemenya ŋubiabiã la hã o, ne menye se la mee wogblɔ le o be; „Megabiã ŋu o!“
8
Ke esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eho ŋubiabiãwo katã ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, nuvɔ̃ ku.
9
Ke nye la mena agbe semanɔsitɔe tsã; ke esi sedede va la, nuvɔ̃ la gbɔ agbe,
10
ke nye la meku, eye wokpɔe bena, se, si wode hena agbe la, eya ke zu ku nam.
11
Elabena esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eblem, eye wòtso eya ke hewum.
12
Eva la se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe, le dzɔdzɔe, eye wònyo.
13
Ekem ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Hafi nuvɔ̃ la boŋ ye, bene wòadze ƒã abe nuvɔ̃ ene, tso nu nyui la wo ku nam, bene nuvɔ̃ la navɔ̃ɖi ɖe dzi ŋuta to sedede la me.
14
Elabena míenyae bena, se la nye gbɔgbɔmenu, ke nye la ŋutilã me menye, wotsɔm ƒle ɖe nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ te.
15
Elabena nusi ke mewɔna la, nyemenyae o; elabena menye nusi melɔ̃na la, mewɔna o, ke nusi meléa fu la, eya ke mewɔna.
16
Ke ne nusi ke nyemelɔ̃na o lae mewɔna la, ekema melɔ̃a sea dzi bena, enyo.
17
Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye lae.
18
Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.
19
Elabena menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ.
20
Ke ne mewo nusi nyemelɔ̃na o la, ekema meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye boŋ.
21
Eyata azɔ mekpɔ se sia bena, esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye.
22
Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome;
23
ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.
24
O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?
25
Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ, la dzi! Eyata azɔ nye ɖeka ma ke metsɔa nyasã la subɔa Mawu ƒe se la, ke metsɔa ŋutilã la subɔa nuvɔ̃ ƒe se lae.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16