bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 John 1
2 John 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
1
Agbalẽ sia tso nye, miaƒe hamemegã la gbɔ. Mele eŋlɔm na aƒenɔ si nye Mawu ƒe ame tiatia kple viawo, ame siwo melɔ̃ le nyateƒe la me. Menye nye koe lɔ̃ wo o, ke boŋ ame siwo katã dze si nyateƒe la hãe,
2
elabe nyateƒe la le mía me, eye wòle mía me nɔ ge tegbee.
3
Mawu Tɔ́ la kple Yesu Kristo, Tɔ́ la Vi nave mía nu, akpɔ nublanui na mí, eye woana ŋutifafa mí, ame siwo lɔ̃ mía nɔewo le nyateƒe la me.
4
Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be mekpɔ viwò aɖewo wole agbe nɔm le nyateƒe la me, abe ale si Tɔ́ la di tso mía si ene.
5
Ale mele agbalẽ sia ŋlɔm na mi, Aƒenɔ bubutɔ, be míalɔ̃ mía nɔewo. Menye se yeye wònye wɔm mele na mi o, ke boŋ esi míexɔ tso gɔmedzedzea me ke la koe.
6
Lɔlɔ̃ si ƒe nya gblɔm mele na mi lae nye be ele na mí be míawɔ Mawu ƒe seawo dzi. Se si mi katã miese tso gɔmedzedzea me ke lae nye be mi katã mianɔ kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me.
7
Ameblela geɖewo do kaka ɖe xexea me. Ame siawo gblɔ be Yesu Kristo meva xexea me abe amegbetɔ ene o. Ameblelae nye ame sia tɔgbe, eye wònye Kristo ƒe futɔ.
8
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu si míeku kutri, va xɔ fifia la, nagabu o, ke boŋ be fetu blibo la katã nazu mia tɔ.
9
Ame sia ame si melé Kristo ƒe nufiafia la me ɖe asi o, ke boŋ wòfia nu bubu la, Mawu mele eme o. Ke ame sia ame si lé nufiafia sia me ɖe asi la, Tɔ́ la kple Vi la siaa le esi.
10
Ne ame aɖe va mia gbɔ, eye metsɔ nufiafia sia vɛ o la, migaxɔe ɖe mia ƒeme o. Migalɔ̃ gbe teti hã nɛ o,
11
elabe ame si lɔ̃ gbe pɛ ko nɛ hã, kpɔ gome le nuvɔ̃ɖi si amea wɔ la me.
12
Togbɔ be nya geɖe le asinye, siwo medi be maŋlɔ aɖo ɖe mi hã la, nyemaŋlɔ wo ɖe agbalẽ dzi kple nuŋlɔtsi aɖo ɖe mi o. Le ema teƒe la, mele mɔkpɔkpɔ me be nye ŋutɔ mava mia gbɔ ava gblɔ wo na mi ŋkume kple ŋkume, ale be mí katã míakpɔ dzidzɔ wòade edeƒe.
13
Nɔviwò nyɔnu, Mawu ƒe ame tiatia viwo, do gbe na wò nyuie.
Jump to:
Chapter 1
All chapters:
1