bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
3 John 1
3 John 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
1
Agbalẽ sia tso nye, miaƒe hamemegã la gbɔ. Mele eŋlɔm ɖo ɖe wò, Gayo lɔlɔ̃tɔ, ame si melɔ̃ le nyateƒe la me vevie la.
2
Nye lɔlɔ̃tɔ, mele gbe dom ɖa be nu sia nu nadze edzi na wò nyuie, eye wò lã me hã nanɔ sesĩe. Menya be wò luʋɔ le tè sesĩe.
3
Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ, esime nɔvi xɔsetɔ aɖewo va gblɔ ale si nègalé nyateƒe la me ɖe asi kokoko, abe ale si nèlée ɖe asi xoxo ene la nam.
4
Esi mese be vinyewo le agbe nɔm le nyateƒe la nu la, mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
5
Nye lɔlɔ̃tɔ, èwɔa nuteƒe le subɔsubɔdɔ siwo nèwɔna na nɔviawo la me, vevietɔ na amedzrowo.
6
Wova gblɔ ale si nèlɔ̃ woe la na hame si le afii. Taflatsɛ, dze agbagba nàdo mɔ wo bene woagayi woƒe mɔzɔzɔ dzi, abe ale si dze le Mawu ƒe dɔwɔwɔ me la ene.
7
Elabe eƒe ŋkɔ la tae wodze mɔ ɖo, eye womexɔ naneke le trɔ̃subɔla aɖeke si o.
8
Ale edze be míakpe ɖe ame siawo tɔgbe ŋu be míaɖee afia be dɔ ɖeka wɔlawo míenye le nyateƒe la me.
9
Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe hamea, ke Diotrefo ame si dina be yeatsɔ ye ɖokui awɔ woƒe nunɔlae la, mebum ɖe naneke me kura o.
10
Nenye be meva ɖo la, magblɔ nya vlo siwo katã gblɔm wòle tso mía ŋu la na mi. Menye ema ɖeɖe ko o, ne nɔviawo va la, egbena be yemagaxɔ wo o. Gawu la, exea mɔ na ame siwo dina be yewoaxɔ wo la hã, eye wòɖe nɔvi siawo dometɔ aɖewo le hamea me.
11
Nye lɔlɔ̃tɔ, mègasrɔ̃ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ o, ke srɔ̃ nu nyui wɔwɔ boŋ. Ame si wɔa nu nyui la, nye Mawu tɔ; ame si wɔa nuvɔ̃ɖi la, medze si Mawu o.
12
Ame sia ame ƒo nu nyui le Demetrio ŋu; nyateƒe la ŋutɔ kura gɔ̃ hã gblɔ eƒe nya nyui. Nye hã mele ɖase ɖim le eŋu, eye menya be nya si megblɔ la nye nyateƒe.
13
Togbɔ be nya geɖe le asinye, medi be maŋlɔ aɖo ɖe wò hã la, nyematsɔ nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi aŋlɔ woe o.
14
Mele mɔkpɔkpɔ me be míele go do ge kpuie, ne míaƒo nu tso wo ŋu ŋkume kple ŋkume.
15
Ŋutifafa nenɔ kpli wò. Xɔ̃wòwo katã do gbe na wò nyuie. Medo gbe na mía xɔlɔ̃awo katã nyuie.
Jump to:
Chapter 1
All chapters:
1