bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Obadiah 1
Obadiah 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
1
Obadya ƒe ŋutega. Aƒetɔ Mawu ƒo nu ku ɖe Edom-dukɔ ŋu. Míese du tso Aƒetɔ gbɔ, edɔ dɔla aɖe ɖo ɖe dukɔwo: Ebe: “Mitso! Mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!”
2
Kpɔ ɖa, mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome; maɖi gbɔ wò vevie.
3
Dàda si le wò dzime la ble wò, wò, ame si le agatowo me, eye wò nɔƒe le kɔkɔƒewo, wò, ame si le gbɔgblɔm le wò dzime be: “Ame kae atutum aƒu anyi?”
4
Togbɔ be nèyi dzi ʋĩi abe hɔ̃ ene, togbɔ be nèwɔ atɔ ɖe ɣletiviwo dome hã la, matutu wò tso afi ma aƒu anyi. Aƒetɔ lae gblɔe.
5
Ne fiafiwo ƒo ɖe dziwò, ne adzodalawo va le zã me, ɖe womafi nu si asu wo la ko na wo ɖokui oa? Kpɔ ale si woahatsrɔ̃ wòe la ɖa! Ne wainxalawo va gbɔwò, ɖe womagblẽ ɖe ɖi oa?
6
Ale ke womekaka Esau ƒe nuwo me, hedi eƒe kesinɔnuwoe o!
7
Wò dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ble wò; wonyà wò va ɖo liƒo dzi ke. Wò kple ame siwo katã nyi dzo la, woawoe va ɖu dziwò azɔ. Xɔ̃wò siwo ŋu nèɖoa dzi ɖo la, tre mɔ̀ ɖi na wò; mèse egɔme o.
8
Aƒetɔ be: Gbe ma gbe la, ɖe nyematsrɔ̃ Edom ƒe nunyalawo kple nugɔmesese ɖa le Esau-to la dzi oa?
9
Teman, dzi aɖe le wò kalẽawo ƒo, eye woawu ŋutsu ɖe sia ɖe si tso Esau-to la dzi.
10
Le ŋuta si nèsẽ le nɔviwò Yakob ŋu ta la, àɖu ŋukpe, eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.
11
Gbe ma gbe nètsi tsitre ɖi ɖekematsɔlemetɔe, gbe ma gbe amedzrowo tsɔ eƒe kesinɔnuwo dzoe, eye dutatɔwo ge ɖe eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi, nènɔ abe wo dometɔ ɖeka ene.
12
Gake mele be nàkpɔ dzidzɔ ɖe nɔviwò ƒe ŋkeke la ŋu o, ɖe eƒe dzɔgbevɔ̃e ŋkeke la ŋu o. Mele be nàkpɔ dzidzɔ ɖe Yuda-dukɔ ŋu le woƒe tsɔtsrɔ̃gbe o. Mele be nàƒo adegbe gbe si gbe nɔviwò xaxa o.
13
Menye wòe age ɖe nye dukɔ ƒe agbo me, gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o. Menye wòe akpɔ dzidzɔ le eƒe afɔku ta, gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o. Menye wòe aha eƒe nuwo, gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi o.
14
Menye wòe atsi tsitre ɖe mɔ dzevee nu, anɔ eƒe ame siwo sí yina la wum o. Menye wòe atsɔ eƒe agbetsilawo ade asi le eƒe xaxagbe o.
15
Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe na dukɔwo katã. Ale si nèwɔ la, nenemae woawɔ wò hã. Wò nuwɔnawo atrɔ va wò ŋutɔ wò ta dzi.
16
Elabe ale si mieno aha le nye to kɔkɔe dzii la, nenemae dukɔ siwo katã ƒo xlã godoo la, anoe. Woanoe, anɔ yiyim sagasaga, eye woanɔ abe ɖe womedzɔ kpɔ o ene.
17
Ke sisíla aɖewo anɔ Zion-to dzi, eye wòanɔ kɔkɔe, eye Yakob ƒe ƒome la axɔ nu siwo nye woawo ŋutɔ tɔ la.
18
Yakob ƒe ƒome la anɔ abe dzo ene, Yosef ƒe ƒome la anɔ abe dzo ƒe aɖe ene, Esau ƒe ƒome la anɔ abe gbe ƒuƒu ene. Woatɔ dzo wo woafiã, eye Esau ƒe dzidzimevi aɖeke masusɔ o elabe Aƒetɔ ye ƒo nu.
19
Anyigbemekegbegbe tsolawo axɔ Esau-to la, eye ame siwo tso togbɛ siwo le ɣetoɖoƒe balia me la, axɔ Filistitɔwo ƒe anyigba. Woaxɔ Efrayim-nyigba kple Samaria-nyigba, eye Benyamin axɔ Gilead.
20
Aboyome siwo le Xala, siwo tso Israelviwo dome la, axɔ Foenisiatɔwo ƒe anyigba va se ɖe keke Zarefat ke. Ame siwo woɖe aboyoe tso Yerusalem, eye wole Sefarad la, axɔ du siwo le Yuda ƒe anyigbemekegbegbe.
21
Xɔnametɔwo ayi Zion-to la dzi be woaɖu fia ɖe Esau-to la dzi, eye fiaɖuƒe la anye Aƒetɔ tɔ.
Jump to:
Chapter 1
All chapters:
1