bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Philemon 1
Philemon 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
1
Nye Paulo, ame si wode gaxɔ me le Kristo Yesu ta kple mía nɔvi Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso. Míele eŋlɔm ɖo ɖe wò, Filemɔ̀n, mía hadɔwɔla lɔlɔ̃tɔ, mía nɔvinyɔnu Apia, mía hadɔwɔla Arxipo kple
2
hame si kpea ta le aƒewò me la.
3
Mawu mía Tɔ́ kple Aƒetɔ Yesu Kristo nave mia nu, eye woana ŋutifafa mi.
4
Ne menyale gbe dom ɖa ko la, meɖoa ŋku dziwò, eye medaa akpe na nye Mawu ɣe sia ɣi.
5
Mewɔa esia, elabe mese be èlɔ̃ Aƒetɔ Yesu hexɔ edzi se, eye nèlɔ̃ ame siwo katã ŋu wokɔ la.
6
Mele gbe dom ɖa be ha si dem míele abe xɔsetɔwo ene la, nasẽ ŋu ɖe edzi, ale be míase nu nyui, siwo le ɖekawɔwɔ kple Kristo me la gɔme, eye míakpɔ gome le wo me.
7
Nɔvinye, mekpɔ dzidzɔ eye nye dzi dze eme, elabe wò lɔlɔ̃ na be ame siwo ŋuti wokɔ la, kpɔ gbɔɖeme.
8
Esi menye nɔviwò si le hadede me kple Kristo ta la, mekpɔ mɔ azi dziwò be nàwɔ nu si hiã la hafi.
9
Ke le lɔlɔ̃ ta la, medi be maɖe kuku na wò boŋ. Nye Paulo ŋutɔŋutɔ, ame si nye Kristo Yesu ƒe amedɔdɔ, hele gaxɔ me fifia gɔ̃ hã ɖe eta la,
10
mele kuku ɖem ɖe vinye Onesimo ta. Meva zu tɔ́ nɛ, esime mele gaxɔ me.
11
Tsã la, ame ko wònye; viɖe aɖeke menɔ eŋu na wò o; ke fifia la, viɖe le eŋu na nye kple wò siaa.
12
Metrɔe le ɖoɖom ɖe wò. Ɖe wòwɔ nam abe nye ŋutɔ nye dzie mele ɖoɖom ɖe wò ene.
13
Ne ɖe mana wòatsi gbɔnye, anɔ kpekpeɖeŋu namem ɖe tewòƒe, esime mele gaxɔ me le Nyanyui la ta la, anye ne anyo nam ŋutɔ hafi.
14
Ke nyemedi be mazi dziwò hafi nàkpe ɖe ŋunye o. Medi be nàwɔe kple dzi faa. Eya ta nyemawɔ naneke si manye wò lɔlɔ̃nu o.
15
Ɖewohĩ nu si ta Onesimo dzo le gbɔwò ɣeyiɣi kpui aɖe lae nye be wòatrɔ agbɔ ava nɔ gbɔwò koŋ emegbe.
16
Fifia la, menye kluvi gbɔlo ko wòganye o, ke boŋ ezu ame tɔxɛ wu kluvi. Etrɔ zu nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ, vevietɔ na nye ŋutɔ. Ke egale vevie na wò ya wu, elabe enye wò kluvi abe amegbetɔ ene, eye wòganye nɔviwò ŋutsu si le hadede me kple Aƒetɔ la azɔ.
17
Ale, ne èbuam abe xɔ̃wò ene la, ekema gagbugbɔ xɔe atuu, abe ale si nàxɔ nye ŋutɔe ene.
18
Nenye be wòdze agɔ le dziwò, alo wònyi fe le ŋuwò la, bui nam.
19
Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔ esiae be: Maxe fea. Evɔ la, nyemedi be maɖo ŋku edzi na wò, be wò ŋutɔ gɔ̃ hã ènyi ɖokuiwò ƒe fe le ŋunye o.
20
Nɔvinye, ɖe esia ta la, nà makpɔ viɖe vi aɖe tso gbɔwò, le Aƒetɔ la ta dzro. Nà nye dzi nadze eme le Kristo ta.
21
Mele agbalẽ sia ŋlɔm na wò kple kakaɖedzi be àɖo tom, eye menya nyuie be àwɔ wu ale si mebia tso asiwò gɔ̃ hã.
22
Hekpe ɖe esia ŋu la, dze agbagba nàdi dzeƒe da ɖi nam, elabe mele mɔkpɔkpɔ me be Mawu aɖo mi katã miaƒe gbedodoɖawo ŋu, eye wòana magbɔ ava mia gbɔ.
23
Epafra, ame si hã le gaxɔ me kplim le Kristo Yesu ta la, do gbe na wò.
24
Nenema ke, nye hadɔwɔlawo Marko, Aristarxo, Dema kple Luka hã do gbe na wò nyuie.
25
Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve miaƒe gbɔgbɔ nu.
Jump to:
Chapter 1
All chapters:
1