bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Titus 1
Titus 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
1
Agbalẽ sia tso nye Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe amedɔdɔ gbɔ. Ɖe wodɔm be makpe ɖe Mawu ƒe ame tiatiawo ŋu be woƒe xɔse natsi ɖe edzi, eye mafia nyateƒe si le míaƒe mawunya la me la wo.
2
Mawunya sia na míele mɔ kpɔm na agbe mavɔ si ŋugbe Mawu, ame si mekaa aʋatso o la, do gbe aɖe gbe ʋĩi ke la.
3
Mawu, mía Xɔla ɖe eƒe gbedeasi ɖe go kɔtɛe le ɣeyiɣi si eya ŋutɔ ɖo ɖi la dzi, eye wòtsɔe de asi nam be maɖe gbeƒãe.
4
Mele agbalẽ sia ŋlɔm na wò Tito, vinye nyateƒetɔ; wò ame si hã xɔ nu si dzi nye hã mexɔ se la dzi se. Mawu Tɔ́ la kple Kristo Yesu mía Xɔla la nave nuwò, eye woana ŋutifafa wò.
5
Megblẽ wò ɖe Kreta, ale be nàɖɔ nu siwo susɔ la ɖo. Medi tso asiwò be nàɖo hamemegãwo ɖe du sia du me, abe ale si meɖoe na wò la ene.
6
Ame si nàɖo la nanye mokaka manɔŋutɔ, ame si ɖe nyɔnu ɖeka, ame si viwo nye xɔsetɔwo, eye wometsoa wo nu be wowɔa nu baɖa, alo womesea ame gbe o.
7
Ele na hadzikpɔla, ame si le Mawu ƒe nuwo dzi kpɔm la be wòanye ame si ŋu mokaka mele o la. Mele be wòanye ame si dzea eɖokui ŋu, alo ame si doa dɔmedzoe kabakaba o. Mele be wòanye ame si noa aha muna, alo ame si wɔa nu gbodogbodo, alo ame si tsia dzi be yeakpɔ viɖe geɖe la o.
8
Ele be wòanye ame si xɔa amedzro, ame si lɔ̃ nu nyui wɔwɔ, ame si te ŋu léa eɖokui, ame si wɔa nu dzɔdzɔe, ame si le kɔkɔe kple ame si ɖua eɖokui dzi.
9
Gawu la, ele be wòanye ame si lé nya vavã si dzi míexɔ se, eye wòsɔ kple nu si fiam míele la me ɖe asi sesĩe, ale be wòate ŋu afia nu ade dzi ƒo na amewo, eye wòate ŋu aɖu ame siwo ʋlia nya kplii la dzi.
10
Mele esia gblɔm elabe tosẽla kple nya ƒuƒlu gblɔla kpakple ameblela geɖe siwo tso Yudatɔ siwo va xɔ se la dome li, le yiyim.
11
Ele be woatsi nya ɖe ame siawo nu, elabe wole ƒome blibowo ƒe susu tɔtɔm, eye wole nufiafia si medze o la fiam ɖe viɖe ƒoɖi si woakpɔ la ta.
12
Woawo ŋutɔ dometɔ ɖeka si nye mawunyagblɔla la gblɔ be, “Kretatɔwo kaa aʋatso ɖaa, gbemelã vɔ̃ɖi, nu tsu ɖula, kuviatɔwo wonye.”
13
Nya sia nye nyateƒe. Le esia ta la, ka mo na wo vevie bene woate ŋu atsi tsitre ɖe xɔse la me sesĩe,
14
ale be womagatrɔ to ɖe ŋutinya kpakpa siwo Yudatɔwo gblɔna, alo ɖe se, si ame siwo gbe nyateƒea la, dena na wo la ŋu o.
15
Ame siwo dza la, nu sia nu nɔa dzadzɛ na wo, ke ame siwo ŋu mekɔ o, eye womexɔna sena o la, naneke menɔa dzadzɛ le wo gbɔ o. Woƒe susuwo kple dzitsinya ŋu mekɔ o.
16
Ame siawo gblɔna be yewonya Mawu, ke woƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be ɖe wogbe nu le egbɔ boŋ. Wonye ame nyɔŋu, sẽto siwo medze na dɔ nyui aɖeke wɔwɔ kura o.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3