bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe (Agbenya La) 2020
/
Ezekiel 1
Ezekiel 1
Ewe (Agbenya La) 2020
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 2 →
1
Le ƒe blaetɔ̃lia ƒe ɣleti enelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi menɔ aboyomenɔlawo dome le Kebar Tɔsisi la to la, dziƒowo nu ʋu, eye mekpɔ ŋutega tso Mawu ŋu.
2
Le ɣleti la ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi woɖe aboyo Fia Yehoyatsin la,
3
Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma.
4
Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ ahomya gbɔna tso anyiehe kple lilikpo gã aɖe si le dzo kem, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Dzo la titina ɖi ga si le keklẽm,
5
eye nu siwo le dzo la me la le abe nu gbagbewo ene. Woƒe dzedzeme le abe amegbetɔ tɔ ene,
6
ke mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si.
7
Woƒe afɔwo dzɔ; woƒe afɔwo le abe nyivi tɔwo ene, eye wole dzo dam abe ayawagba si ŋu woƒã la ene.
8
Amegbetɔ ƒe asi nɔ woƒe aʋalawo te le woƒe axa eneawo dzi. Wo ame eneawo katã to mowo kple aʋalawo,
9
eye woƒe aʋalawo ka wo nɔewo ŋuti. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe; wometrɔa kɔ ne wole yiyim o.
10
Woƒe mowo dzena ale: amegbetɔ ƒe mo li na wo ame eneawo dometɔ ɖe sia ɖe; dzata ƒe mo le ɖusime, nyitsu ƒe mo le miame, eye hɔ̃ ƒe mo li na ɖe sia ɖe.
11
Nenemae woƒe mowo le. Woke woƒe aʋalawo me do ɖe dzi. Ɖe sia ɖe ƒe aʋala eve tɔ wo nɔviwo tɔwo le akpa eveawo dzi, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve.
12
Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe. Woyia afi sia afi si gbɔgbɔ la yina la, eye wometrɔna yia teƒe bubu aɖeke o.
13
Nu gbagbeawo ƒe dzedzeme nɔ abe dzoka xɔxɔ alo akakati bibi ene. Dzo la ʋãna yia megbe kple ŋgɔgbe le nu gbagbeawo dome. Dzo la klẽna, eye dzikedzo dona tso eme.
14
Nu gbagbeawo nɔa du dzi, yia megbe, yia ŋgɔgbe abe dzikedzo ene.
15
Esi melé ŋku ɖe nu gbagbeawo ŋu la, mekpɔ tasiaɖam ƒe afɔ ɖeka le anyigba le nu gbagbe ene siwo si mo le la dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ.
16
Tasiaɖam ƒe afɔawo ƒe dzedzeme kple ale si wowɔ woe la le ale: woklẽna abe adzagba ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo. Ɖe sia ɖe dze abe ɖe wowɔe be wòade nu nɔvia me ene.
17
Ne woɖe zɔ la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka si nu gbagbeawo trɔ mo ɖo. Ne nu gbagbeawo le yiyim la, tasiaɖam la ƒe afɔawo metrɔna le wo ŋu o.
18
Tasiaɖam ƒe afɔawo dzi ŋɔ, eye ŋkuwo le afɔ eneawo katã ŋu kpe ɖo.
19
Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, tasiaɖam ƒe afɔ siwo le wo xa la hã ɖea zɔ, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi.
20
Afi sia afi si gbɔgbɔ la ayi la, woawo hã yina, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi yina, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le afɔawo hã me.
21
Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, woawo hã ɖea zɔ; ne nu gbagbeawo tɔ la, woawo hã tɔna, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, tasiaɖam ƒe afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi tso anyigba abe nu gbagbeawo ene, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖam ƒe afɔawo me.
22
Nane si ɖi tsikpe, keke, le keklẽm, eye wòdzi ŋɔ la, keke ɖe nu gbagbeawo tame.
23
Nu gbagbeawo keke aʋala ɖekaɖeka do ɖe wo nɔewo gbɔ, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve na eɖokui.
24
Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo.
25
Gbe aɖe ɖi tso nu si xe tame na wo la tame esi wotɔ heɖiɖi woƒe aʋalawo.
26
Nane si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi ene la le nu si xe woƒe tame la tame, eye nane si ɖi ame la nɔ fiazikpui la dzi le yame ʋĩi.
27
Mekpɔ be nu si dze abe eƒe ali gbɔ ene, yi eƒe dzime la, le abe ga si le keklẽm ene. Tso afi ma yi anyigba la, le abe dzo ene, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe.
28
Ale si anyieʋɔ dzena le lilikpowo me ne tsi dza la, nenema keklẽ la nɔ ƒo xlãe. Esia dze abe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ene. Esi mekpɔe la, medze anyi, tsyɔ mo anyi, eye mese ame aɖe ƒe gbe.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48