bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe (Agbenya La) 2020
/
Isaiah 52
Isaiah 52
Ewe (Agbenya La) 2020
← Chapter 51
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 53 →
1
Nyɔ! O! Zion, nyɔ ne nàta ŋusẽ. Tsɔ wò atsyɔ̃vɔ nàta. O! Yerusalem, du kɔkɔe. Aʋamatsolawo kple ame makɔmakɔwo magage ɖe mewò azɔ o.
2
Ʋuʋu ke le ŋutiwò. Tsi tsitre! Yerusalem, ne nànɔ fiazi dzi. O! Zion nyɔnuvi si woɖe aboyoe, ɖe ga si wode kɔ na wò la ɖa.
3
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi, “Wotsɔ mi dzra naneke maxɔmaxɔe, eya ta woagbugbɔ mi axɔ, gake menye kple ga o.”
4
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Tsã la, nye dukɔ yi Egipte be wòanɔ afi ma. Emegbe la, Asiriatɔwo tee ɖe to vevie.
5
“Ke azɔ la, nu kae le asinye le afi sia?” Yehowae gblɔe. “Esi me wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ, eye wo dziɖulawo ɖua fewu le wo ŋu.” Yehowae gblɔe. “Gbe sia gbe wole gbɔ̃ ɖim nye ŋkɔ,
6
eya ta nye dukɔ anya nye ŋkɔ, eye le ŋkeke ma dzi la, woanya be nyee gblɔe da ɖi. Ɛ̃, be nyee.”
7
Du nyui tsɔlawo ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Ame siwo ɖea gbeƒã ŋutifafa, ame siwo hea gbedeasi nyuiwo vɛ. Ame siwo ɖe gbeƒã ɖeɖekpɔkpɔ, eye wogblɔna na Zion be, “Wò Mawu nye fia ɖaa!”
8
Ɖo to afii, wò gbetakpɔlawo kɔ woƒe gbewo dzi hedo dzidzɔɣli ɖekae. Ne Yehowa trɔ gbɔ va Zion la, woakpɔe kple woƒe ŋkuwo.
9
Midzi dzidzɔhawo, mi Yerusalem ƒe gli kpowo, elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem.
10
Yehowa aklo nu le eƒe abɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo ƒe ŋkume, eye anyigba ƒe mlɔenuwo ke hã akpɔ mia Mawu la ƒe ɖeɖe.
11
Midzo, midzo, mido go le afi ma! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Mido go le eme, Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o. Mi ame siwo lé Yehowa ƒe kpluwo ɖe asi.
12
Ke miadzo kplakplakpla alo asi adzo o, elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.
13
Kpɔɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me. Woadoe ɖe dzi. Axɔ ŋkɔ, eye woade bubu gã aɖe eŋu.
14
Abe ale si ame geɖewo ƒe nu ku le eŋuti, eƒe dzedzeme tro kpaɖikpaɖi wu ame sia ame tɔ, eye eƒe nɔnɔme gblẽ ale gbegbe be, megaɖi amegbetɔ o ene la,
15
nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi, eye fiawo amia nu le eya amea ta, elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o, eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme.
← Chapter 51
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 53 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66