bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
Hebrews 1
Hebrews 1
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 2 →
1
Le blema la Mawu ƒo nu na mía fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to nyagblɔɖilawo dzi.
2
Ke le ŋkeke mlɔetɔ siawo me la eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye domenyila la dzi, ame si dzi hã woto wɔ xexeame.
3
Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo.
4
Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãe ene.
5
Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Wòe nye vinye; egbe mezu fofowò?” Alo wògagblɔ na ɖe be, “Manye fofoa eye eya hã anye vinye?”
6
Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexeame la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”
7
Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be, “Ewɔ eƒe dɔlawo abe yaƒoƒowo ene eye eƒe subɔlawo abe dzoƒeaɖewo ene.”
8
Ke egblɔ le via ya ŋuti be, “O, Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbetegbe eye dzɔdzɔnyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe tsiamiti.
9
Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye eye nèlé fu ŋutasesẽ eya ta Mawu, wò Mawu la, tsɔ wò ɖo teƒe kɔkɔ wu nɔviwòwo katã to esia me be etsɔ dzidzɔ ƒe ami ʋeʋĩ la si na wò.”
10
Egagblɔ be, “O Aƒetɔ, le gɔmedzedzea me la eɖo xexeame ƒe gɔmeɖokpe anyi, eye dziƒowo hã nye wò asinudɔwɔwɔ.
11
Woatsrɔ̃ gake wòla anɔ anyi, wo katã woanyunyɔ abe awu ene.
12
”Àŋlɔ wo abe awu ʋlaya ene eye ãɖe wo ɖi abe awu si wodo la ene, ke wò ya la, ãnɔ nanema, mãtrɔ o, eye wò ƒewo hã mawu enu akpɔ gbeɖe o.”
13
Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be, “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woazu afɔɖodzinu na wò?”
14
Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13