bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Thessalonians 2
2 Thessalonians 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
1
Azɔ la, nɔviwo, mele kuku ɖem na mi be nya si miese tso mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ado goe ŋu la,
2
megaʋuʋu mi dzro ko, alo atɔtɔ miaƒe susu o. Eɖi be gbɔgbɔmeɖeɖefia aɖe, alo numenya aɖe, alo agbalẽ aɖe, si wobe etso mía gbɔ la, le gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la va ɖo xoxo.
3
Migana ame aɖeke nable mi le mɔ aɖeke nu kura o, elabe hafi ŋkeke ma nava la, ele be aglãdzedze ɖe Mawu ŋu nado ŋgɔ gbã eye aglãdzela si le tsɔtsrɔ̃ ge godoo la nadze ƒãa.
4
Ame sia le tsitre tsi ge ɖe Mawu, alo nu ɖe sia ɖe ƒomevi si wosubɔna la ŋuti. Ayi ɖe mawuxɔ la me, abɔbɔ nɔ anyi ɖi, ahagblɔ be Mawue yenye.
5
Mieɖo ŋku edzi be, esime menɔ mia gbɔ la, megblɔ nya sia na mi ɖe?
6
Ke miawo mienya nu si le asi ɖom edzi be megava haɖe o, va se ɖe esime eƒe ɣeyiɣi la nade, woaɖee afia.
7
Aglãdzedze ƒe ŋusẽ le dɔ wɔm le vivime xoxo, ke nu si koe kpɔtɔ lae nye be ame si le asi ɖom edzi la nate ɖa.
8
Ekema aglãdzela la adze ƒãa, ke gbɔgbɔ si le dodom tso Aƒetɔ Yesu ƒe nu me ɖeɖe la ko awui, eye keklẽ si ado kple Aƒetɔ Yesu la koe atsrɔ̃e.
9
Satana ana ŋusẽ aglãdzela sia be wòatsɔ awɔ nukunu kple dzesi aɖewoe,
10
eye wòato ameblemɔnu vɔ̃ɖiwo dzi aflu ame geɖe, siwo atsrɔ̃ la, elabe wogbe be yewomaxɔ nyateƒe la, ne woaɖe yewo o.
11
Eya ta Mawu tsɔ gbɔgbɔ si nana be ame trana la de wo me, be wòana woaxɔ nu si nye aʋatso la dzi ase,
12
bene woabu fɔ ame siwo katã mexɔ nyateƒe la dzi se o, ke boŋ wokpɔa dzidzɔ le nuvɔ̃ wɔwɔ ŋuti la.
13
Ke, mi nɔvinye, siwo Aƒetɔ la lɔ̃ vevie, ele be míada akpe na Mawu ɣe sia ɣi le mia ta, elabe miawoe nye ame gbãtɔ siwo Mawu tia be yeaxɔ ɖe agbe. Etsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ mia ŋutii, eye miexɔ nyateƒenya la dzi se.
14
Esia ta wòto Nyanyui, si míegblɔ na mi la dzi yɔ mi, be miakpɔ gome le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la me.
15
Eya ta, nɔviwo, minɔ te sesĩe. Milé nu siwo míegblɔ na mi be miawɔ le míaƒe nufiafia kple agbalẽ, si míeŋlɔ ɖo ɖe mi la, me ɖe asi sesĩe.
16
Azɔ la, mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Tɔ́, ame si lɔ̃ mí, heve mía nu, eye wòna akɔfafa mavɔmavɔ mí, gana be míele mɔ kpɔm na nu vavã aɖe la,
17
nado ŋusẽ miaƒe dziwo. Nena miaƒe dɔ nyui wɔwɔ kple nu nyui ƒoƒo ɖe sia ɖe nali ke zã.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3