bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Thessalonians 3
2 Thessalonians 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
1
Mlɔeake la, nɔvinyewo, mido gbe ɖa ɖe mía ta, be Aƒetɔ la ƒe nya la nakeke ta ahaɖu dzi, abe ale si wòle le mia dome la ene.
2
Mido gbe ɖa, be míagadze ŋutasẽlawo kple ame vɔ̃ɖiwo si me o, elabe menye ame sia amee xɔ se o.
3
Ke Aƒetɔ la la, nuteƒewɔla wònye. Ana miali ke sesĩe, eye wòadzɔ mia ŋu be miagawɔ nuvɔ̃ o.
4
Aƒetɔ la ta la, míeka ɖe edzi be miele nu siwo katã míeɖo na mi la dzi wɔm, eye ana miagayi edzi, awɔe nenema ke.
5
Aƒetɔ la ŋutɔ nekplɔ miaƒe dziwo, be mialɔ̃ Mawu, ahanɔ te sesĩe le miaƒe ɖekawɔwɔ kple Kristo me.
6
Nɔviwo, míele se dem na mi le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ me, be mite ɖa tso nɔvi ɖe sia ɖe si wɔa kuvia, eye meléa ɖoɖo siwo míena mi la me ɖe asi o, la gbɔ.
7
Miawo ŋutɔ mienya ale si wòhiã, be miakpɔ míaƒe nuwɔna awɔ. Esi míenɔ mia dome la, míewɔ kuvia kura o.
8
Míeɖu nu le ame aɖeke gbɔ femaxee o, ke boŋ míedze agbagba, ku kutri zã kple keli, wɔ dɔ ɖu, be míaganye agba na ame aɖeke o.
9
Menye esi ŋusẽ mele mía si, be míana miakpɔ mía dzi tae o, ke boŋ ɖe míewɔe be miawo hã miakpɔ awɔ.
10
Elabe esi míenɔ mia dome gɔ̃ hã la, míede se na mi be: “Ne ame aɖe melɔ̃ be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.”
11
Míele esia gblɔm, elabe míele sesem be kuviatɔ aɖewo le mia dome. Womewɔa dɔ aɖeke o, ke boŋ ame bubuwo ƒe nya me ko wonɔa nu demee.
12
Míegbe nya na ame siawo, le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ me, eye míele nu xlɔ̃m wo be woawɔ dɔ kpoo, atsɔ kpɔ wo ɖokui dzii.
13
Azɔ nɔviwo, miawo la, ɖeɖi megate mia ŋu le nu nyui wɔwɔ me o.
14
Ne ame aɖe medi be yeawɔ ɖe nu si gblɔm míele le agbalẽ sia me dzi o la, mide dzesii, eye migade ha kplii o, ne ŋu nakpee.
15
Migatsɔe abe futɔ ene ya o, migbe nya nɛ nɔvitɔe boŋ.
16
Azɔ la, Aƒetɔ, si naa ŋutifafa la ŋutɔ nena ŋutifafa mi ɣeawo katã ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nenɔ kpli mi katã.
17
Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔ gbedoname siae. Aleae medea asi nye agbalẽ ɖe sia ɖe si meŋlɔna la tee. Nye ŋutɔ nye nuŋɔŋlɔe nye esia.
18
Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mi katã mia nu.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
All chapters:
1
2
3