bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Timothy 1
2 Timothy 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 2 →
1
Agbalẽ sia tso nye Paulo, Kristo Yesu ƒe amedɔdɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me gbɔ. Ɖe wodɔm koŋ be maɖe gbeƒã agbe si ŋugbe wodo na mí, ne míele hadede me kple Kristo Yesu.
2
Mele eŋlɔm ɖo ɖe wò, Timoteo, vinye lɔlɔ̃tɔ. Mawu Tɔ́ la kple Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la nave nuwò, akpɔ nublanui na wò, eye woana ŋutifafa wò.
3
Medaa akpe na Mawu si subɔm mele kple dzitsinya si me kɔ la, abe ale si tɔgbuinyewo wɔe ene. Ne mele gbe dom ɖa, eye nye ŋku dze dziwò la, medaa akpe nɛ ɣe sia ɣi.
4
Ne meɖo ŋku aɖatsi si nɔ mo na wò dzi la, medina vevie, zã kple keli, be magakpɔ wò, ale be dzi nadzɔm.
5
Meɖoa ŋku xɔse nyateƒetɔ si le asiwò la dzi. Xɔse sia ƒomevie nɔ mamawò Lois me gbã, eye wòganɔ nɔwò Eunike hã me, eye azɔ la, meka ɖe edzi be eyae le wò hã mewò.
6
Eya ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nàna Mawu ƒe nunana si wòna wò, esime meda asi ɖe dziwò la, nagakpɔ ŋusẽ ɖe edzi wu.
7
Elabe Gbɔgbɔ si Mawu na mí la, menana be míevɔ̃na o; ke boŋ enye Gbɔgbɔ si naa ŋusẽ ɖoa mía me, míelɔ̃a ame, eye míeɖua mía ɖokui dzi.
8
Aƒetɔ la ƒe nya la gbɔgblɔ na amewo megakpe ŋu na wò o. Nenema ke nya si nàgblɔ na amewo tso nye, ame si le gaxɔ me ɖe Aƒetɔ la ta ŋu hã, megakpe ŋu na wò o. Ke boŋ ɖo dzi ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu, eye nàlɔ̃ akpe fu si wòle be wò hã nàkpe ɖe Nyanyui la ta la.
9
Mawu ɖe wòxɔ mí ɖe agbe heyɔ mí be míava nye ye ŋutɔ yeƒe amewo. Menye nu tɔxɛ aɖe si míewɔ la tae o, ke boŋ enye nu si eya ŋutɔ ɖo koŋ be yeave mía nu awɔ na mí. Míaƒe hadede kple Kristo Yesu mee wòto ve mía nu tso keke gbe aɖe gbe ke.
10
Ke azɔ la, woɖe eƒe amenuveve kple ɖoɖo sia ɖe go fia mí to mía Xɔla Kristo Yesu ƒe vava eme. Eyae to Nyanyui la me ɖe ku ɖa, eye wòhe agbe vɛ na mí, bene míagaku akpɔ o.
11
Mawu ɖom mezu amedɔdɔ kple nufiala be maɖe gbeƒã Nyanyui la,
12
eye esiawo tae mele fu kpem ɖo abe ale si dze la ene. Ke ŋu mele kpeyem o, elabe menya ame si dzi mexɔ se. Menya be ate ŋu adzɔ nu si wòtsɔ de asi nam la ŋu va se ɖe ŋkeke ma dzi.
13
Lé nyateƒenya siwo mefia wò la me ɖe asi, eye nànɔ xɔse kple lɔlɔ̃ si le hadede kple Kristo Yesu me la me.
14
Gbɔgbɔ Kɔkɔe si le mía me la, nedo ŋusẽ wò bene nàdzra nu nyui si wode asi na wò la ɖo.
15
Abe ale si nènya ene la, ame siwo katã le Asia, siwo dome Figelo kple Hermogene le la, trɔ dzo le gbɔnye.
16
Aƒetɔ la nekpɔ nublanui na Onesiforo kple eƒemetɔwo, elabe ena nye dzi dze eme enuenu, eye gawu la, nye gaxɔmenɔnɔ mekpe ŋu nɛ o.
17
Esime wòva ɖo Roma teti la, edim vevie va se ɖe esime wòke ɖe ŋunye.
18
Aƒetɔ la neve enu le ŋkeke ma dzi! Mexɔ se be mèŋlɔ subɔsubɔdɔ geɖe si wòwɔ nam le Efeso la be kura o.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4