bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Timothy 4
2 Timothy 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
1
Le Mawu kple Kristo Yesu, ame si ladrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo, ame si le vava ge ava ɖu dzi abe fia ene ŋkume la, mele nu xlɔ̃m wò be
2
nàɖe gbeƒã nya la. Èkpɔ vovo o, mèkpɔ vovo o, do ŋusẽe. Ƒoe ɖe amewo nu, gbe nya na ame eye nàxlɔ̃ nu ame. Gbɔ dzi blewuu nàwɔ esiawo katã, eye mègadzudzɔ nufiafia o.
3
Elabe ɣeyiɣi gbɔna, esime amewo magadi be yewoaɖo to ase nufiafia nyuitɔ o. Le esia teƒe la, woadi nufialawo na wo ɖokui be woafia nu si tɔgbe tututu dim woawo ŋutɔ le la wo.
4
Womadi be yewoatrɔ to ɖe nyateƒenya la ŋu kura o, ke ŋutinya kpakpɛwo sese ŋu ko woado vivi ɖo.
5
Ke le wò ya gome la, nɔ te sesĩe ɣe sia ɣi. Ne èle fu kpem la, do dzi. Wɔ mawunyagblɔla ƒe dɔ, eye nàwɔ wò subɔsubɔdɔ la wu enu keŋ.
6
Le nye ŋutɔ gome la, ɣeyiɣia de nam vɔ be woatsɔm asa vɔe. Nye dzodzoɣi le agbe sia me ɖo edzi vɔ.
7
Meke duɖime la nyuie vɔ. Meƒu du la wu enu keŋkeŋ. Mele te le xɔse la me.
8
Azɔ la, dziɖuɖununana si wonana ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta la koe le lalayem. Aƒetɔ nu dzɔdzɔe wɔla lae atsɔe anam gbe ma gbe. Ke menye nye ɖeka ko na ge wòala o, ke boŋ ana ame siwo katã lɔ̃e, eye wole mɔ kpɔm na eƒe vava la hãe.
9
Dze agbagba nàva gbɔnye kaba,
10
elabe Dema gblẽm ɖi dzo. Eya galɔ̃ fifi xexe sia me ko, ale wòdzo yi ɖe Tesalonika. Kreske yi ɖe Galatia, eye Tito yi ɖe Dalmatia.
11
Luka ɖeka koe le gbɔnye. Di Marko nàkplɔ ɖe asi vɛ, elabe esubɔam nyuie ŋutɔ le dɔ si wɔm mele la me.
12
Medɔ Tixiko ya ɖo ɖe Efeso.
13
Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa la ɖe asi vɛ nam. Tsɔ agbalẽawo hã, vevietɔ esiwo wowɔ kple lãgbalẽ.
14
Aleksandro, akɔblinutula la wɔ nane ɖe ŋunye; nua vem ŋutɔ. Aƒetɔ la aɖo ŋu nu vevi si wòwɔm la teƒe nɛ.
15
Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le eyama ŋu, elabe etsi tsitre ɖe míaƒe gbedeasi la ŋu.
16
Esi woyɔm zi gbãtɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒea be maʋli ɖokuinye ta la, ame aɖeke mede dzinye o; ame sia ame gblẽm ɖi dzo. Mawu megaɖo eteƒe na wo o.
17
Ke Aƒetɔ la ya nɔ kplim, eye wòdo ŋusẽm, ale be mete ŋu ɖe gbeƒã gbedeasi la na ame siwo katã menye Yudatɔwo o la. Ale wòɖem tso ku si me.
18
Aƒetɔ la aɖem tso nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe me, eye wòakplɔm dedie ayi ɖe eƒe fiaɖuƒe si le dziƒo la me. Etɔe nye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
19
Medo gbe na Priska kple Akwila kpakple Onesiforo ƒemetɔwo katã nyuie.
20
Erasto tsi Korinto, ke megblẽ Trofimo ya ɖe Mileto, elabe ele dɔ lém.
21
Dze agbagba nàva hafi vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo, Pude, Lino kple Klaudia kpakple nɔviawo katã do gbe na wò nyuie.
22
Aƒetɔ la nenɔ kple wò gbɔgbɔ. Mawu neve mi katã mia nu.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
All chapters:
1
2
3
4