bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Malachi 2
Malachi 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 3 →
1
“Azɔ nunɔlawo, mia tɔe nye se sia.
2
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ be: Ne mieɖo to o, eye ne made dzi gbɔ na mi be miade bubu nye ŋkɔ ŋu o la, ekema mana fiƒode nava mia dzi, eye maƒo fi ade miaƒe yayrawo. Le nyateƒe me la, mena wozu fiƒode gɔ̃ hã xoxo, elabe miexɔ nye nya kple dzi o.
3
Kpɔ ɖa, maka mo na mia viwo, eye mahlẽ miaƒe vɔsalãwo ƒe mí ɖe mo na mi. Maɖe mi ɖa le ŋkunye me.
4
Ale miadze sii be nyee ɖo se sia ɖe mi, ale be nu, si mebla kple Levi-to la, nagatu o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
5
Le nu, si mebla kplii me la, medo agbe kple ŋutifafa ŋugbe nɛ, eye metsɔ nu siawo nɛ be wòavɔ̃m. Etsɔ bubu nam, eye wòvɔ̃ nye ŋkɔ.
6
Nyateƒe nɔ eƒe nu me wòfia, eye womekpɔ vɔ̃ le eƒe nuyiwo dzi o. Ezɔ kplim le ŋutifafa kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me. Ena ame bubu geɖewo hã dzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.
7
Elabe ele be nunɔla ƒe nuyiwo nadzɔ nunya ŋu, eye edze be amewo nadi nufiame tso eƒe nu me. Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe amedɔdɔe wònye.
8
Ke mieɖe asi le mɔ la ŋu. Mietsɔ miaƒe nufiafia na ame geɖewo kli nu, eye mietu nu, si mebla kple Levi. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
9
Eya ta nye hã meɖi gbɔ mi, eye mena wodo vlo mi le Israel-dukɔ blibo la ŋkume, elabe mielé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, eye miekpɔa ame ŋkume le miaƒe nufiame me.”
10
Ðe menye tɔ́ ɖekae le mí katã si oa? Ðe menye Mawu ɖekae wɔ mí katã oa? Nu ka ta míeɖia anukware na mía nɔewo o? Míegblẽ kɔ ɖo na mía tɔgbuiwo ƒe nubabla la.
11
Yuda mewɔ nuteƒe o, eye wòwɔ ŋunyɔnu le Israel kple Yerusalem. Elabe Yuda gblẽ kɔ ɖo na Aƒetɔ ƒe kɔkɔeƒe si wòlɔ̃na la, eye wòɖaɖe dutamawu vinyɔnu.
12
Aƒetɔ neɖe nu sia wɔla ɖa le Yakob ƒe agbadɔwo me, ame sia ame si kpɔ eteƒe alo ɖo eŋu alo tsɔ vɔsanu vɛ na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la!
13
Miegawɔ nu bubu. Miefa avi, fa aɖatsi kɔ ɖe Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui la dzi, eye miefa konyi yi afi mae elabe miaƒe nunanawo megadzea eŋu kaka wòaxɔ wo o.
14
Miebia be: “Nu ka ta megaxɔa wo o?” Nyateƒe, megaxɔa wo o, elabe ètu nu, si nèbla kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si nèzɔna kplii, eye mèwɔ nuteƒe nɛ o, togbɔ be Aƒetɔ nye ɖasefo na mi ame evea hã.
15
Menye ŋutilã ɖeka kple gbɔgbɔ ɖekae Mawu wɔ na mí oa? Nu ka dim wòle? Mawu me viwo. Eya ta mikpɔ mia ɖokui dzi ale be mia dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ nuteƒe na eƒe ɖekakpuimesrɔ̃.
16
Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: “Melé fu srɔ̃gbegbe. Melé fu ame si tsɔ ŋutasesẽ tsyɔ eƒe avɔ dzi. Eya ta mikpɔ mia ɖokui dzi ale be miaganye nutemawɔlawo o.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
17
Miaƒe nyagbɔgblɔ ti Aƒetɔ. Ke miebia be: “Nya ka gblɔm míele wòtii?” Menye ɖe miele gbɔgblɔm be: “Nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã ƒe nu nyoa Aƒetɔ ŋu, elɔ̃ woƒe nya” oa? Alo menye ɖe miele biabiam be: “Afi ka Mawu, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔetɔ la le?” oa?
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4