bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Malachi 3
Malachi 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
1
“Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔm ɖa ne wòadzra mɔ dzi ɖo le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ava eƒe gbedoxɔ me kpoyi. Kpɔ ɖa, dɔla si ŋu nèdzɔa dzi le be wòava ɖe gbeƒã nye nubablaa la, gbɔna. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
2
Ke ame kae ate ŋu ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe? Ame kae ate ŋu anɔ te ne edo? “Elabe ele abe galólola ƒe dzo kple nunyala ƒe adzalẽ ene.
3
Abɔbɔ nɔ anyi abe galólola kple sikaŋukɔla ene, eye wòakɔ Levi viwo ŋu, aklɔ wo ŋu abe sika kple klosalo ene va se ɖe esime woava sa vɔ siwo dze la na Aƒetɔ.
4
Tete vɔsa si Yuda kple Yerusalem ava sa na Aƒetɔ la adze eŋu abe ale si wònɔ le blema ŋkekewo kple ƒe siwo va yi me la ene.
5
“Ekema mate ɖe mia ŋu adrɔ̃ ʋɔnu. Manye ɖasefo zazɛ̃ ɖe mia ŋu atsi tre sesĩe ɖe dzotɔwo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo kple dɔtɔ siwo mexea fetu dedee na woƒe dɔwɔlawo o la, ŋuti. Maganye ɖasefo ɖe ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi, gbea amedzroxɔxɔ, eye womevɔ̃am o la hã ŋuti.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
6
“Elabe nye Aƒetɔ nyemetrɔ o, eya ta mi Yakob viwo mietsrɔ̃ o.
7
Tso mia tɔgbuiwo ŋɔli ke la, mietrɔ megbe de nye sewo, eye miewɔ wo dzi o. Mitrɔ ɖe ŋunye, ne nye hã matrɔ ɖe mia ŋu. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. Ke miebia be: ‘Ale ke míatrɔ ɖe ŋuwòe?’
8
Ðe amegbetɔ afi Mawua? Ke miawo ya miele fiyem. Ke miebia be: ‘Ale ke míele fiwòmee?’ Le miaƒe nuwo ƒe akpa ewolia kple nunanawo mee.
9
Woƒo fi de mi elabe miele fiyem; miaƒe dukɔ blibo lae.
10
Mitsɔ nuwo ƒe akpa ewolia la katã va nudzraɖoƒe lae, ale be nuɖuɖu nanɔ nye aƒeme. Miwɔe, miatsɔe adom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu adudu yayra akɔ ɖe mia dzi wòagbɔ eme o mahã. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
11
Mablu ɖe nugblẽlawo ta be womagagblẽ nukuwo le miaƒe anyigba dzi o. Wainka magbe tsetse na mi le agble me o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
12
Ale dukɔwo katã abu mi yayramewoe elabe miaƒe dzi adze eme le anyigba la dzi.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
13
Aƒetɔ be: “Miegblɔ nya sesẽ geɖe ɖe ŋunye. Ke miebia be: ‘Nya ka míegblɔ ɖe ŋuwò?’
14
Miegblɔ be: ‘Mawusubɔsubɔ nye nu dzodzro. Ne míewɔ eƒe nya dzi la, viɖe kae le eme na mí? Alo ne míezɔ abe konyi fam míele ene le Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ŋkume be nu si míewɔ ve mí la, viɖe kae le eme na mí?
15
Ke míekpɔ azɔ be woyra dàdalawo. Gawu la, nuvɔ̃ɖi wɔlawo kpɔa dzidzedze le agbe me, eye ne wowɔ nuvɔ̃ɖi tsɔ te Mawu kpɔe gɔ̃ hã la, womehea to na wo o.’ ”
16
Azɔ la, ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la ɖo dze kple wo nɔewo, eye Aƒetɔ ɖo to, se woƒe nyawo. Woŋlɔ ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ, eye wotsɔa bubu nɛ la ƒe ŋkɔwo ɖe agbalẽ me le Aƒetɔ ŋkume bene woatsɔ anɔ ŋku ɖom wo dzii.
17
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla be: “Woawoe anye nye amewo. Woanye ame tɔxɛwo nam gbe ma gbe, esime mawɔ nu si medi be mawɔ. Makpɔ nublanui na wo abe ale si vi tɔ́ kpɔa nublanui na via ŋutsuvi si subɔnɛ la ene.
18
Ekema miagakpɔ vovototo le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, mawusubɔla kple ame si mesubɔa Mawu o la dome.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4