bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe (Agbenya La) 2020
/
Genesis 13
Genesis 13
Ewe (Agbenya La) 2020
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 14 →
1
Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃a kpakple Lot kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo si la ŋu, eye wozɔ mɔ to Egipte ƒe dzigbeme yi Negeb.
2
Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe: lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu.
3
Tso Negeb gbegbe la, etso teƒe yi teƒe va se ɖe esime wòva ɖo Betel, teƒe si le Betel kple Ai dome, afi si wòtu agbadɔ ɖo kpɔ
4
kple afi si wòɖi vɔsamlekpui ɖo kpɔ la. Afi ma Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le.
5
Lot ame si hã dze Abram yome la nye kesinɔtɔ gã aɖe: alẽwo, nyiwo kple subɔlawo bɔ ɖe esi.
6
Ke anyigba la melolo na Abram kple Lot ƒe nyiwo kple alẽwo o: lãawo sɔ gbɔ fũu wu lãnyiƒe la.
7
Ale dzre dzɔna ɖe Abram kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome enuenu togbɔ be Kanaantɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi, eye woate ŋu aho aʋa ɖe Abram kple Lot ŋu gɔ̃ hã hafi.
8
Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, “Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ.
9
Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo.”
10
Lot lé ŋku ɖe gbadzaƒe si le Yɔdan tɔsisi la gbɔ la ŋu; tsi bɔ ɖe afi ma. Nya sia dzɔ do ŋgɔ na Yehowa ƒe Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃. Teƒe la ɖi Edenbɔ la kple anyigba nyui si ƒo xlã Zoar le Egipte.
11
Ale Lot tia Yɔdan ƒe balime heɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Eʋu yi afi ma kple eƒe lãwo kple eƒe subɔlawo, ale eya kple Abram klã mɔ.
12
Abram tsi Kanaanyigba la dzi esime Lot nɔ du gã siwo nɔ gbadzaƒe la dome; etso nɔƒe ɖe teƒe aɖe si te ɖe Sodom ŋu la.
13
Ame siwo nɔ Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu.
14
Le Lot ƒe ʋuʋu megbe la, Yehowa gblɔ na Abram be, “Nye kɔ nàkpɔ didiƒe, tso anyiehe yi dziehe, tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe, afi si nàte ŋu akpɔ aƒo xlã ɖokuiwò,
15
elabena matsɔ afi sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo.
16
Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!
17
Ɖi tsa le anyigba yeye si mele nawòm la ƒe afi sia afi, eye nàlé ŋku ɖe nuwo ŋu.”
18
Ale Abram ho eƒe agbadɔ, eye wòyi ati gã siwo le Mamre la gbɔ, teƒe si te ɖe Hebron ŋu, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afi ma.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50