bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe (Agbenya La) 2020
/
Genesis 50
Genesis 50
Ewe (Agbenya La) 2020
← Chapter 49
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
1
Yosef tsɔ eɖokui ƒu fofoa ƒe kukua dzi, fa avi ɖe edzi, eye wògbugbɔ nu nɛ.
2
Emegbe la, eɖe gbe na eƒe atikewɔlawo be woasi atike na ye fofo Israel. Ale atikewɔlawo si atike nɛ.
3
Atikesisi la xɔ ŋkeke blaene, eye Egipte dukɔ blibo la ƒe konyifafa xɔ ŋkeke blaadre.
4
Esi konyifaɣi la va yi la, Yosef te ɖe Farao ŋumewo ŋu, eye wòɖe kuku na wo be woaƒo nu na Farao na ye.
5
Egblɔ na wo be, “Migblɔ na fia la be Yosef fofo na Yosef ka atam be yeatsɔ ye fofo ƒe kukua ayi Kanaanyigba dzi, eye yeaɖii ɖe afi ma. Mibia mɔfiala nam be wòaɖe mɔ mayi aɖaɖi fofonye. Mika ɖe edzi nɛ nam be matrɔ agbɔ enumake.”
6
Farao lɔ̃ hegblɔ be, “Yi nàɖi fofowò abe ale si nèka atam ene.”
7
Ale Yosef yi kple Farao ƒe aɖaŋudelawo kple kpeɖeŋutɔwo
8
kple Yosef nɔviŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo. Ke wogblẽ wo vi suewo kple woƒe lãwo ɖe Gosenyigba dzi.
9
Ale tasiaɖamwo kple sɔdola geɖewo kpakple ameha gã aɖe kplɔ Yosef yii.
10
Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta.
11
Kanaantɔwo na ŋkɔ bubuteƒe si le afi si te ɖe Yɔdan ŋu la be, Abel Mizraim si gɔmee nye “Konyifalawo tso Egipte,” elabena wogblɔ be, “Teƒe sia Egiptetɔwo fa konyi le vevie.”
12
Ale Yakob ƒe viwo wɔ nu siwo wòɖo na wo la.
13
Wotsɔe yi Kanaanyigba dzi, eye woɖii ɖe kpeto si le Makpela ƒe anyigba dzi si te ɖe Mamre ŋu, abɔ si Abraham ƒle le Efrɔn, Hititɔ la si be wòanye ameɖiƒe la me.
14
Yosef trɔ va Egipte kple nɔviawo kpakple ame siwo katã yi wo fofo ƒe kuteƒe la.
15
Ke esi wo fofo ku azɔ la, Yosef nɔviwo de asi vɔvɔ̃ me. Wogblɔ be, “Azɔ la, Yosef aɖo nu vɔ̃ si míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.”
16
Ale woɖo ame ɖe Yosef be, “Fofowò gblẽ ɖoɖo siawo ɖi hafi ku.
17
‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi.
18
Tete nɔviawo va dze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ nɛ be, “Míenye wò kluviwo.”
19
Ke Yosef gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o, Mawue menye be madrɔ̃ ʋɔnu mi, ahe to na mia?
20
Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe.
21
Migavɔ̃ o, nye ŋutɔ makpɔ miawo kple miaƒe ƒometɔwo dzi.” Eƒo nu na wo kple gbe bɔbɔe, eye wòde dzi ƒo na wo.
22
Ale Yosef kple nɔviawo kpakple woƒe ƒometɔwo ganɔ Egipte. Yosef xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo hafi ku.
23
Enɔ agbe, kpɔ via Efraim ƒe viwo kple Makir, Manase ƒe vi ƒe viwo, ame siwo fena le Yosef ƒe afɔ nu.
24
Yosef gblɔ na nɔviawo be, “Esusɔ vie maku, ke Mawu ava aɖe mi tso Egiptenyigba sia dzi, eye wòakplɔ mi, miatrɔ ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo la dzi.”
25
Emegbe Yosef na Israel ƒe viwo ka atam nɛ be, “Mawu akpe ɖe mia ŋu be miatsɔ nye kukua tso afi sia ayi Kanaan.”
26
Ale Yosef ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wodee aɖaka me le Egipte.
← Chapter 49
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50