bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe (Agbenya La) 2020
/
Jeremiah 12
Jeremiah 12
Ewe (Agbenya La) 2020
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 13 →
1
Oo, Yehowa, ne metsɔ nya ɖe ŋutiwò la, wò nya dzɔna ɣe sia ɣi. Gake mahe nya kpli wò tso wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti. Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo ɖo? Nu ka ta dzimaxɔsetɔwo nɔa agbe le dziɖeɖi me?
2
Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku. Wò ŋkɔ le nu na wo gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.
3
Oo, Yehowa, ke wò la ènyam, èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò. Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee! Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!
4
Va se ɖe ɣe ka ɣie ku naɖi le anyigba dzi eye gbewo naƒu ase ɖo? Esi edzinɔlawo nye ame vɔ̃ɖiwo ta la, xewo kple lãwo siaa tsrɔ̃. Gawu la, amewo le gbɔgblɔm be, “Makpɔ nu si dzɔ ɖe mía dzi o.”
5
“Ne èke duɖime kple amegbetɔwo kple afɔ eye nu te ŋuwò la, aleke nàte ŋu ake duɖime kple sɔwo? Ne èle nu klim le anyigba si dzi kɔ nyuie dzi la, aleke nàhawɔ le Yɔdan ƒe avekawo me?
6
Nɔviwò kple wò ŋutɔ wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò. Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la, mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.
7
“Magbe nu le nye aƒe gbɔ eye magble nye domenyinu ɖi. Matsɔ ame si melɔ̃ la ade asi na eƒe futɔwo.
8
Nye domenyinu va le nam abe dzata si le ave me ene. Ele gbe tem ɖe ŋutinye, eya ta melé fui ɖo.
9
Ɖe nye domenyinu mezu xeƒonu ŋɔŋɔe si xeƒonu bubuwo ƒo xlãe eye wodze edzi oa? Yi nàƒo lã wɔadãwo katã nu ƒu vɛ ne woava vuvu nu.
10
Alẽkplɔla geɖewo agblẽ nye waingble eye woanye avuzi le nye agble dzi. Wole nye agble veviwo wɔ ge woazu gbegbe ɖeɖe sɔŋ.
11
Wole ewɔ ge wòazu gbegbe kple kuɖiɖinyigba si manyo na naneke le ŋkunye me o. Anyigba la katã azu aƒedo elabena ame aɖeke manɔ anyi si atsɔ ɖe le eme o.
12
Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi eye ame aɖeke mato le eme o.
13
Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu, woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o. Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”
14
Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome.
15
Ne meho wo vɔ la, magakpɔ nublanui na wo, eye makplɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe va eƒe domenyinu gbɔ kple eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
16
Ne wosrɔ̃ nye dukɔ ƒe mɔwo nyuie abe ale si woawo hã fia nye dukɔe be woayɔ Baal ata nui, eye wota nye ŋkɔ hegblɔ be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe’ ene la, ekema maɖo wo te le nye dukɔ la dome.
17
Ke ne dukɔ aɖe meɖo to o la, mahoe keŋkeŋ, eye matsrɔ̃e gbidii.” Yehowae gblɔe.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52