bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe (Agbenya La) 2020
/
Jeremiah 27
Jeremiah 27
Ewe (Agbenya La) 2020
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 28 →
1
Le Yuda fia Zedekia, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be:
2
Ale Yehowa gblɔ nam nye esi: “Gbi ka, nàtsɔ ati sesẽ eve awɔ kɔkuti eye nàtsɔ kɔkuti la ku wò kɔ.
3
Ekema nàɖo du ɖe Edom, Moab, Amon, Tiro kple Sidon fiawo to woƒe ame dɔdɔ siwo va Yuda fia, Zedekia, gbɔ le Yerusalem la dzi.
4
Ɖo gbedeasi ɖe woƒe amegãwo, eye nàgblɔ be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Migblɔ na miaƒe amegãwo be,
5
Nye ŋusẽ triakɔ kple nye abɔ si le dzi lae metsɔ wɔ anyigba, edzinɔlawo kple lã vovovo siwo le edzi eye metsɔnɛ naa ame sia ame si melɔ̃.
6
Azɔ la, matsɔ miaƒe dukɔwo katã ade asi na nye dɔla, Babilonia fia, Nebukadnezar. Mawɔe be lã wɔadãwo gɔ̃ hã anɔ eƒe kpɔkplɔ te.
7
Dukɔwo katã asubɔe, asubɔ via kple eƒe tɔgbuiyɔvi gɔ̃ hã va se ɖe esime eƒe anyigba ƒe ɣeyiɣi nade. Ekema dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo aɖu edzi.
8
“ ‘ “Ke ne dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe gbe be yemasubɔ Babilonia fia Nebukadnezar, alo abɔbɔ ɖe eƒe kɔkuti te o la, mahe to na dukɔ ma kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ va se ɖe esime matsrɔ̃e kple Nebukadnezar ƒe asi.” ’ Yehowae gblɔe.
9
Eya ta migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃egɔmeɖelawo, ŋɔliyɔlawo kple nukala siwo gblɔna na mi be, ‘Migasubɔ Babilonia fia o’ la o.
10
Wogblɔa aʋatsonyagblɔɖiwo na mi, siwo ana be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigbawo dzi aɖo ɖe didiƒewo. Manya mi eye miatsrɔ̃.
11
Gake ne dukɔ aɖe bɔbɔ ɖe Babilonia fia ƒe kɔkuti te hesubɔe la, mana be dukɔ ma nanɔ eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi eye wòanɔ edzi. Yehowae gblɔe.”
12
Metsɔ gbedeasi sia ke na Yuda fia Zedekia. Megblɔ nɛ be, “Tsɔ wò kɔ de Babilonia fia, Nebukadnezar, ƒe kɔkuti te; subɔ eya kple eƒe dukɔmetɔwo eye nànɔ agbe.
13
Nu ka ŋuti wò kple wò amewo miaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si ƒe ŋugbe Yehowa do na dukɔ si masubɔ Babilonia fia o la ƒe asi me?
14
Mègaɖo to nyagblɔɖilawo ƒe nya si gblɔm wole na wò be, ‘Mígasubɔ Babilonia fia o’ la o; elabena aʋatsonyawo gblɔm wole na wò.
15
Yehowa be, ‘Nyemedɔ wo o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me. Eya ta manya wò ɖa le teƒe sia eye wò kple Nyagblɔɖila siwo gblɔ nya ɖi na wò la siaa miatsrɔ̃.’ ”
16
Tete megblɔ na nunɔlawo kple ame siawo katã be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migaɖo to nyagblɔɖila siwo gblɔna na mi be, ‘Esusɔ vie woatrɔ nu siwo wolɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me yi Babilonia la gbɔe’ o. Aʋatsonya gblɔm wole ɖi na mi.
17
Migaɖo to wo o. Misubɔ Babilonia fia, ekema mianɔ agbe. Nu ka ŋuti du sia azu aƒedo?
18
Nenye nyagblɔɖilawoe wonye vavã eye Yehowa ƒe nya le wo me la, ekema woneɖe kuku na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, be nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda fia ƒe aƒe me le Yerusalem la, womagalɔ wo ayi Babilonia o.
19
Elabena, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ tso sɔtiawo, akɔblizɔ kple nu siwo dzi woda wo ɖo kple nu bubu siwo susɔ ɖe du sia me la ŋuti.
20
Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti.
21
Ɛ̃, ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nu siwo susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple Yuda fia ƒe fiasã me le Yerusalem la ŋutie nye esi:
22
‘Woalɔ wo ayi ɖe Babilonia, afi ma woanɔ va se ɖe gbe si gbe mava alɔ wo ekema matrɔ wo agbɔe va teƒe sia.’ ” Yehowae gblɔe.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52