bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
1 Kings 20
1 Kings 20
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 21 →
1
Eve Aram-fia Ben-Hadad ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu; fia blaetɔ̃ vɔ eve kple sɔwo kpakple tasiaɖamwo kpe ɖe eŋu, eye woho va ɖe to ɖe Samaria ŋu hewɔ aʋa kplii.
2
Eye wòdo amewo ɖo ɖe Israel-fia Axab gbɔ le dua me,
3
ne wòagblɔ nɛ bena: Ale Ben-Hadad gblɔ esi: Wò klosalo kple sikawo la tɔnyewoe, eye srɔ̃wò kple viwò nyuitɔwo la tɔnyewoe.
4
Israel-fia ɖo ŋu bena: Nye aƒetɔ fia, wòe ƒo nu! Mia kple nusianu, si le asinye la, tɔwo míenye.
5
Tete dɔlawo gatrɔ gbɔ va gblɔ bena: Ale Ben-Hadad be, woagblɔ na wo enye si: Menya dɔ ame ɖo ɖe gbɔwò, ne woagblɔ na wò be, natsɔ wò klosalo kple sika, srɔwòwo kple viwòwo nam.
6
Ke etsɔ wole siawo la madɔ nye dɔlawo ɖe gbɔwò, ne woadzro wò aƒe kple wò dɔlawo ƒe aƒewo me, eye woatsɔ nusiwo katã dze wo ŋu la adzoe.
7
Tete Israel-fia yɔ anyigba dzi amegãwo katã gblɔ bena: Midze sii, eye mikpɔ vɔ̃, si amesia ɖo ɖe ta me ɖa! Elabena edɔ ame ɖo ɖe gbɔnye le srɔ̃nyewo kple vinyewo, nye klosalo kple nye sika ta, ke nyemetee o.
8
Ke amegãwo katã kple dukɔ blibo la ɖo ŋu nɛ bena: Megaɖo toe o, eye megalɔ̃ edzi o!
9
Eye wògblɔ na Ben-Hadad ƒe dɔlawo bena: Migblɔ na nye aƒetɔ fia be: Mawɔ nusiwo katã ŋuti nèdɔ ame ɖo ɖe wò dɔla gbɔ gbã la, ke nyemate ŋu awɔ nusia ya dzi o. Eye dɔlawo tsɔ ŋuɖoɖo la yi nɛ.
10
Tete Ben-Hadad dɔ ame ɖo ɖee, ne woagblɔ nɛ bena: Mawuwo afiam agafiam ɖe dzi, ne Samaria ƒe ke asɔ gbɔ ayɔ aʋakɔ, siwo katã kplɔm ɖo ƒe asiʋlo me fi!
11
Ke Israel-fia ɖo ŋu gblɔ bena: Miɖagblɔ be: Amesi ke bia ali dzi la, meƒoa adegbe o, negbe amesi ke tu ali dzi la ko!
12
Eye wòva me, esime eya kple fiawo le aha nom le agbadɔ me, eye wòse nya siawo la, egblɔ na eƒe dɔlawo bena: Midze aʋa! Tete wodze aʋa ɖe du la ŋu.
13
Eye kpo ɖa, nyagblɔɖila ɖe va Israel-fia Axab gbɔ gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ele ameha gã geɖe sia kpɔma? Kpɔ ɖa, matsɔe ade asi na wò egbe, ne nadze sii be, nyee nye Yehowa.
14
Axab gblɔ be: Ameka dzi wòato? Eɖo ŋu be: Ale Yehowa gblɔ esi: Ato anyigba dzikpɔlawo ƒe ɖeka kpuiwo dzi. Eye wògblɔ be: Ameka le aʋa la gɔme dze ge? Eɖo ŋu be: Wòe!
15
Eye wòxlẽ anyi gbã dzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo, wole ame alafa eve kple blaetɔ̃ vo eve; emegbe wotia Israel-viwo katã ƒe dukɔ blibo la xlẽ, wole ame akpe adre.
16
Tete woho le ŋɖɔ me; ke Ben-Hadad kple fia blaetɔ̃ vɔ eve, siwo kpe ɖe eŋu la, no aha mu le agbadɔwo me.
17
Anyigba dzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo tre hoho. Eye Ben-Hadad da ame ɖa, eye wòtrɔ va gblɔ nɛ bena: Samaria-ŋutsuwo ho aʋa.
18
Tete wògblɔ bena: Nenye ŋutifafa ta woho ɖo la, milé wo agbagbe, eye nenye aʋa ta woho ɖo la, milé wo agbagbe!
19
Ke esi anyigba dzikpɔlawo ƒe ɖekakpuiawo do le dua me la, aʋakɔ la dze wo yome;
20
eye wo dome amesiame wu ame etɔxɛ. Tete Aramtɔwo si, eye Israel ti wo yome; ke Aram-fia Ben-Hadad do so hesi kple sɔdolawo.
21
Azɔ Israel-fia ho hetsrɔ̃ sɔwo kple tasiaɖamwo, eye wòsi Aramtɔwo ŋutɔ.
22
Tete nyagblɔɖila va Israel-fia gbɔ gblɔ nɛ bena: Yi nadzra ɖo, eye nabu ta me le nusi na wo ŋu; elabena ne ƒe trɔ la, Aram-fia gale hoho ge ɖe ŋuwò.
23
Eye Aram-fia ƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Woƒe mawuwo la to dome mawuwo wonye, eyata wosẽ ŋu wu mí ɖo. Ke na míawɔ aʋa kpli wo le gbadzaƒe, abe míasẽ ŋu awu wo o ene.
24
Ale nawɔ enye si: Ɖe fiawo ɖa le wo nɔƒe, eye natsɔ ɖu dzikpɔlawo aɖo wo teƒe.
25
Eye ɖe aʋakɔ abe wò aʋakɔ, si tsrɔ̃ ene kple sɔwo abe sɔ kemeawo ene kpakple tasiaɖamwo abe tasiaɖam kemeawo ene, eye miawɔ aʋa kpli wo le gbadzaƒe, abe míasẽ ŋu awu wo o ene. Tete wòɖo to woƒe gbe hewɔ nenema.
26
Eye wòva me, esi ƒe trɔ la, Ben-Hadad tia Aram xlẽ, eye woho va Afek, be yeawɔ aʋa kple Israel.
27
Wotia Israel hã xlẽ, eye wona nuɖuɖu wo, eye woho ɖe wo ŋu. Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe wo ŋgɔ abe gbɔ̃ha ɖagbi eve ene; ke Aramtɔwo yɔ anyigba dzi fũ.
28
Tete Mawu ƒe ame va gblɔ na Israel-fia bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Aramtɔwo be Yehowa enye to dome mawu, eye menye gbadzaƒe-mawu o la, eyata matsɔ ameha gã geɖe sia ade asi na wò, ne miadze su be, nyee nye Yehowa.
29
Eye woƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre. Le ŋkeke adreagbe la aʋa la fe ati, eye Israel-viwo wu ŋutsu afɔzɔla akpe alafa ɖeka le Aramtɔwo dome le ŋkeke ɖeka dzi.
30
Ke esi ame mlɔeawo si yi Afek-dua me la, gli mũ dze ame akpe blave vɔ adre, siwo kpɔtɔ la dzi; eye Ben-Hadad si yi dua me tso xɔ me yi xɔ me.
31
Tete eƒe dɔlawo gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, míese bena, Israel ƒe aƒe la ƒe fiawo la, fia veamenuwo wonye, eyata na míasa akpanya ɖe ali, eye míasa ka ɖe ta ahayi Israel-fia gbɔ; ɖewohĩ ana natsi agbe.
32
Tete wosa akpanya ɖe ali, eye wosa ka ɖe ta heva fia la gbɔ gblɔ bena: Ale wò dɔla Ben-Hadad gblɔ esi: Taflatse, na matsi agbe! Eɖo ŋu bena: Egale agbea? Nɔvinyee wònye.
33
Tete ŋutsuawo dze sii enumake be, nya nyuia ɖe le eme, eye wotso nya le enu kaba gblɔ bena: Nɔviwòe nye Ben-Hadad. Eɖo ŋu bena: Miyi ɖakplɔe vɛ! Eye esi wòdo va egbɔ la, ena wòɖo tasiaɖam me kplii.
34
Tete Ben-Hadad gblɔ nɛ bena: Magbugbɔ du, siwo fofonye xɔ le fofowò si la, na wò, eye nado mɔwo ɖe Damasko, abe alesi fofonye do wo ɖe Samaria ene; ke mía kpli wò míabla nu, hafi naɖe asi le ŋunye. Tete wòbia nu kplii heɖe asi le eŋu.
35
Eye ŋutsua ɖe tso nyagblɔɖilaviwo dome gblɔ na ehavi le Yehowa ƒe nya nu bena: Taflatse, ƒom! Ke ŋutsu la gbe eƒoƒo.
36
Tete wògblɔ ne bena: Esi meɖo to Yehowa ƒe gbe o la, eyata ne edzo le gbɔnye la, dzata awu wò. Eye esi wodzo le egbɔ la, dzata va do goe hewui.
37
Eye wòkpɔ ŋutsu bubu gblɔ bena: Taflatse, ƒom! Eye ŋutsu la ƒoe de abi eŋu.
38
Tete nyagblɔɖila la yi ɖatso mɔ na fia la, eye wòtsɔ nu bla ŋku, be amea ɖeke magadze si ye o.
39
Esime fia la va yina la, edo ɣli gblɔ na fia la bena: Wò dɔla yi ana la me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe va hekplɔ amea ɖe vɛ nam gblɔ nam bena: Dzɔ ŋutsu sia ŋu, ke ne ebu la, woatsɔ wò agbe aɖo eƒe agbe teƒe, alo nada klosalo talento ɖeka aɖo eteƒe.
40
Ke esi wò dɔla le nu wɔm le afi kple afime la, ame la bu Eye Israel-fia gblɔ nɛ bena: Wò ŋutɔe dze se me.
41
Tete wòɖe nu le ŋku dzi kaba, eye Israel-fia la dze sii be, nyagblɔɖilawo dome wotso.
42
Eye wògblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi nèɖo asi le ŋutsu, si medo busui ŋu la, eyata wò agbe anɔ eƒe agbe teƒe, eye wò dukɔ anɔ eƒe dukɔ teƒe.
43
Tete Israel-fia la ɖo aɖa, eye dzi kui wòyi aƒe, eye wòva Samaria.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22