bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
1 Kings 9
1 Kings 9
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 10 →
1
Eye wòva me, esime Salomo wui Yehowa ƒe xa kple fia ƒe xɔ tutu kpakple nusiwo katã Salomo ɖo ɖe ta me, be yeawo nu la,
2
Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo zi evelia, abe alesi wòɖe eɖokui fiae le Gibeon ene.
3
Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa kple wò koko, si neƒo le ŋkunye me la; meka xɔ sia, si nètu, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo afima tegbee la ŋu, eye nye ŋku kple nye dzi anɔ afima ŋkekeawo katã.
4
Ke wò la, ne èzɔ le ŋkunye me, abe alesi fofowò Dawid zɔ le dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me ene, ne èwɔ pɛpɛpɛ, abe alesi mede se na wò ene, eye nèlé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,
5
ekema mana wò fiaɖuƒe ƒe fiazikpui nali ke ɖe Israel dzi tegbee, abe alesi megblɔ na fofowò Dawid ene bena: Wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.
6
Ne mia kple mia viwo miede megbe le ŋunye, eye mielé nye se kple nye ɖoɖo, siwo mede asi na mi la me ɖe asi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,
7
ekema matsrɔ̃ Israel ɖa le anyigba, si mena wo la dzi, eye mate xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.
8
Xɔ sia azu glikpo, eye amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku, eye wòaɖo tsia abia bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia kple xa sia alea?
9
Eye woaɖo eŋu bena: Esi wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo fofowo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi, eye woku ɖe mawu bubuwo ŋu, ɖe ta agu na wo hesubɔ wo la, eyata Yehowa he dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.
10
Eye Salomo tsɔ ƒe blave tu xa eveawo, siwo nye Yehowa ƒe xɔ kple fia ƒe xɔ.
11
Xiram, Tiro fia, kpe ɖe eŋu kple sedertiwo kple sesewutiwo kpakple sika, abe alesi wòdi ene. Ɣemaɣi Salomo na du blave Xiram ɖe Galilea-nyigba dzi.
12
Eye Xiram tso Tiro be, yeaɖakpɔ du, siwo Salomo tsa nɛ la ɖa, ke womadze eŋu o.
13
Eye wògblɔ bena: Nɔvinye, du ka ƒomeviwo nye esi nènam? Eye wòna ŋkɔ wo be Kabul-nyigba vaseɖe egbe.
14
Eye Xiram ɖo sika talento alafa ɖeka kple blave ɖe fia la.
15
Ale yakadɔwɔla, si wo fia Salomo ɖe, be woatu Yehowa ƒe xɔ, eya ŋutɔ ƒe xɔ kple Milo, eye woaɖo gli ɖe Yerusalem, Xazor, Megido kple Gezer ŋu la, ƒe nya la enye si:
16
Egipte-fia Farao ho va xɔ Gezer, eye wòtɔ dzoe hewu Kanaanitɔ, siwo le eme, eye wòtsɔe wɔ atsuƒeyinu na vianyɔnu, si nye Salomo srɔ̃.
17
Eye Salomo tso Gezer kple anyigbe Bet-Xoron,
18
Baalat kple Tadmor, si le gbedzi le anyigba la dzi,
19
kple nudzraɖoƒexɔwo ƒe du, siwo katã le Salomo si, tasiaɖamwo ƒe du kple sɔdolawo ƒe du hekpe ɖe xɔ, siwo Salomo ɖi be, yeatu ɖe Yerusalem kple Libanon kpakple eƒe dziɖuƒe ƒe anyigba blibo la dzi la ŋuti.
20
Dukɔ, siwo katã kpɔtɔ le Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo dome, amesiwo metso Israel-viwo dome o;
21
woƒe vi, siwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi le wo megbe, amesiwo Israel mete ŋu tsrɔ̃ gbidigbidi o la, fia Salomo tsɔ wɔ yakadɔwɔlawoe vaseɖe egbe.
22
Ke Salomo metsɔ amea ɖeke wɔ kluvi le Israel-viwo dome o, ke boŋ woawo nye aʋawɔlawo, eƒe dɔlawo, eƒe amegãwo kple tatɔwo kple aʋafiawo le eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo nu.
23
Dɔdzikpɔlawo ƒe amegã, siwo le Salomo ƒe dɔ la nu, wole ame alafa atɔ̃ kple blaatɔ̃, siwo kpɔa amesiwo le dɔ wotu la dzi.
24
Ke esi Farao vinyɔnu ʋu tso Dawid ƒe du la me yi eƒe xɔ, si wòtu nu me la, Salomo tu Milo.
25
Eye Salomo sa numevɔ kple akpedavɔ le vɔsamlekpui, si wòɖi na Yehowa la dzi zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, eye wòdo dzudzɔ le edzi le Yehowa ŋku me. Ale wowu xɔ la nu.
26
Fia Salomo kpa ʋuwo hã ɖe Ezeon-Geber, si le Elon gbɔ le Avaƒu la nu le Edom-nyigba dzi.
27
Eye Xiram do nuwo, siwo me eƒe dɔlawo, amesiwo nye ʋukulawo kple ƒu ŋu dɔwɔlawo, kpe ɖe Salomo ƒe dɔlawo ŋu.
28
Eye wova Ofir hetsɔ, sika talento alafa ene kple blave tso afima gbɔe vɛ na fia Salomo.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22