bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
1 Kings 6
1 Kings 6
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 7 →
1
Eye wòva me le Israel-viwo ƒe ʋuʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe alafa ene blanyilia me, le esime Salomo ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe ene megbe la, ede asi xɔtutu me na Yehowa le ɣlati Ziw, si nye ɣleti evelia dzi.
2
Xɔ, si Salomo tu na Yehowa la ƒe didime le abɔklugui blaade, eƒe kekeme le abɔklugui blave, eye eƒe kɔkɔme le abɔklugui blaetɔ̃.
3
Akpata, si le gbedoxɔ lɔ ƒe dodonuxɔ nu la, ƒe didime le abɔklugui blave le xɔ la ƒe kekeme nu, eye wòkeke abɔklugui ewo le xɔ la ŋgɔdze.
4
Eye wòɖe fesre, siwo ƒe nugbɔ lɔ le gota gome la, ɖe xɔ la ŋu, eye wòde adzrala wo nu.
5
Eye wòtu xɔŋuxɔewo ɖe xɔ la ƒe gli ŋu godoo, ale be woƒo xlã xɔ la ƒe gliwo kple dodonuxɔ kpakple megbetɔ, eye wotso wo me kotoekotoe.
6
Esrã wo dzi. Anyigbaxɔ la keke abɔklugui atɔ, dometɔa keke abɔklugui ade, eye tametɔ keke abɔklugui adre; elabena eɖo glikpui ɖe xɔ la ŋu la gota gome ƒo xlãe, be dzisasrãwo magato xɔ la ƒe gli o.
7
Eye wotsɔ koe, siwo wofu tso keke kpeʋe me la, tu xɔ lae, ale be womese gakpee, pɛ alo gadɔwɔnua ɖeke ŋkɔ le xɔ la tutu me o.
8
Eve ʋɔtru, si le xɔŋuxɔe la ƒe anyigbaxɔ nu la, le xɔ la ƒe ɖusikpa dzi, eye wotoa atrakpui godogodo dzi yia xɔ dometɔ me, eye tso dometɔ me woyia etametɔ me.
9
Eye wòtu xa la wu enu; xɔ la ƒe daɖedziwo nye sederti, eye wògbãe kple sederʋuƒowo
10
Etu xɔŋuxɔewo ɖe xɔ blibo la ŋu va kpe ɖo, siwo dome ɖesiaɖe ka abɔklugui atɔ̃, eye wòtso sederti wɔ woa kple xɔ la ɖekae.
11
Eye Yehowa ƒe gbe va Salomo gbɔ bena;
12
Etu xɔ sia nam; ne èzɔ le nye ɖoɖowo nu, ewo nye kɔnuwo dzi, eye nèlé nye sewo katã me ɖe asi hezɔ ɖe wo nu la, ekema mawɔ nye nya, si megblɔ na fofowò Dawid la, dzi na wò.
13
Eye manɔ Israel-viwo dome, eye nyemagblẽ nye dukɔ Israel ɖi o.
14
Eye Salomo tu xɔ la wu enu.
15
Etsɔ sederʋuƒowo klã ɖe xɔ la me le gli ŋu, eklã ʋuƒoawo tso xɔ la ƒe anyi me ɖatɔ eta me daɖedziawo, eye wòklã sesewuʋuƒowo ɖe xɔ la ƒe anyigba.
16
Eklã sederʋuƒowo ɖe megbexɔ, si didi abɔklugui blave la, hã me tso anyi me datɔ daɖedziawo. Alea wòwɔ megbexɔ, si nye kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la mee.
17
Dodonuxɔ la ƒe didime le abeklugui blane.
18
Eye wòŋlɔ treklɔnutsetsewo kple seƒoƒo kekewo ɖe sederʋuƒo, siwo le xɔa me la ŋu; sederʋuƒo le afisiafi, eye kpea ɖeke ŋu medze o.
19
Eye wòdzra megbexɔ la me ɖo, be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ada ɖe afima.
20
Megbexɔ la ƒe didime le abɔklugui blave, eƒe kekeme le abɔklugui blave, eye eƒe kekeme le abɔklugui blave, wofa sika nyuitɔ de eme, eye wotso sederʋuƒo wɔ vɔsamlekpui da ɖe enu.
21
Salomo fa sika nyuitɔ ɖe xɔ la me, eve wotso sika kɔsɔkɔsɔ tso ga ɖe megbexɔ, si ŋu wofa sika ɖo la nu.
22
Efa sika ɖe xɔ blibo la ŋu vaseɖe xɔ la ƒe mlɔenu, eve wòfa sika ɖe vɔsamlekpui, si le megbexɔa nu la, ŋu blibo.
23
Eye wotso amiti wɔ Kerubi eve ɖe megbexɔ la me, wokɔ abɔklugui ewoewo.
24
Kerubi la ƒe aʋala ɖeka le abɔklugui atɔ̃: tso eƒe aʋala ɖeka nu vaseɖe ekeme nu le abɔklugui ewo.
25
Kerubi evelia to hã la abɔklugui ewo; dzidze ɖeka kple nɔnɔme ɖeka ŋugbe li na Kerubi eveawo.
26
Kerubi ɖeka ƒe kɔkɔme le abɔklugui ewo, eye evelia tɔ hã le nenema.
27
Eye wòtsɔ Kerubiawo ɖo xɔ la me; Kerubiawo ke aʋalawo me, ale be Kerubi ɖeka ƒe aʋala tɔ gli la ƒe ati, eye evelia ƒe aʋala ɖatɔ gli la ƒe afime, eye woƒe aʋalawo va kpe wo nɔewo le xɔ la titina.
28
Efa sika ɖe Kerubiawo ŋu.
29
Eye woŋlɔ Kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo kekewo ɖe xɔwo kple eve ƒe gliwo katã ŋu le eme.
30
Eye wòfa sika ɖe xɔwo kple eve ƒe anyigba.
31
Etsɔ amiti kpa ʋɔtru agavee ɖe megbexɔ la nu; ʋɔtruti tametɔ kple axadzitɔwo xɔ gli la ƒe akpa atɔ̃liawo ɖeka.
32
Amiti wòtsɔ kpa ʋɔtru agaveawoe, eye woŋlɔ Kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo kekewo ɖe wo ŋu, eye wòfa sika ɖe wo dzi; eƒo sika la gbabɛ tsɔ fa ɖe Kerubiawo kple detiawo dzi.
33
Alea wòtsɔ amiti kpa ʋɔtrutiwo de dodonuxɔ ƒe mɔ nu, eye woxɔ gli la ƒe akpa eneliawo ɖeka.
34
Etso sesewuʋuƒo kpa ʋɔtruawo kple eve, eye aga eve, siwo woate ŋu aʋu la, li na ʋɔtruawo dome ɖesiaɖe.
35
Eŋlɔ Kerubiwo, detiwo kple seƒoƒo kekewo ɖe wo ŋu, eye wòfa sika ɖe wo dzi, ale be wòsɔ nɔnɔmeawo dzi pɛ.
36
Eye wòtɔ kpɔ emetɔ; etsɔ kpe fufu ɖo amli etɔ̃, eye wòtu sedertiwo ɖe wo dzi.
37
Woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi la ƒe enelia me le ɣleti Ziw dzi,
38
eye wowu xɔ la kple eŋu nuwo katã nu ɖe eƒe ɖoɖowo katã nu le ƒe wuiɖekɛlia me le ɣleti Bui, si nye ɣleti enyilia dzi. Ale wotui ƒe adre sɔŋ.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22