bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Hosea 14
Hosea 14
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
1
Esi Samaria sẽ to ɖe eƒe Mawu ŋu la, eyata akpɔe ɖe enu; woatsi yi nu, woaxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.
2
Israel, gatrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, elabena wò vodadawoe tsɔ wò ƒu anyi.
3
Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!
4
Asur mate ŋu axɔ na mí o, míagado sɔwo o, eye míagayɔ míaƒe asinudɔwɔwɔ be mía Mawu azɔ o, elabena gbɔwò nublanuikpɔkpɔ le na tsyɔ̃eviwe.“
5
Mayɔ dɔ woƒe godzedze, eye malɔ̃ wo tso dzi me, elabena nye dɔmedzoe nu fa de wo ŋu.
6
Mana na Israel abe zãmu ene, aƒo se abe dzogbenya ene, eye wòato ke abe Libanon ene.
7
Eƒe alɔwo ava dranyi, adze ani abe amiti ene, eye wòaʋẽ lilili abe Libanon ene.
8
Amewo aganu eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene.
9
Efrayim, legbawo ƒe nya kae tsɔ gbɔnye? Mede toe, eye melé ŋku de eŋu. Sesewu dama menye, dzinye nakpɔ wò kutsetsewo le.
10
Amesi nye nunyala la, nese nusia gɔme; amesi si gɔmesese le la, nedze sii! Elabena Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi; ke ame vɔ̃ɖiwo edze anyi; ɖe edzi.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14