bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Hosea 8
Hosea 8
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 9 →
1
Tsɔ kpẽ ɖo nu! Egbɔna Yehowa ƒe aƒe la dzi abe hɔ̃ ene! Elabena wotu nye nubabla la, eye wosẽ to de nye seawo ŋu.
2
Wole ɣli dom nam be: Nye Mawu, mi Israel-viwo míedze si wò!
3
Israel do vlo nu nyui; futɔ neti eyome!
4
Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o; woɖo amegãwo, nyemenye naneke le eŋu o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legbawoe, ne woatsrɔ̃.
5
Samaria, wò nyivi le ŋu nyɔm, nye dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ɣekaɣi hafi woate ŋu ana wo ɖokui ŋu nadza?
6
Elabena Israel wòdzɔ tso, gbede ye wɔe, eye menye Mawu wònye o; eyata Samaria ƒe nyivi la afli kakɛkakɛ.
7
Elabena yae woƒã, eye ahom woaxa, vvoƒe nukuwo mamie o; ahɔ̃liti matse ku o, ne eme hã la, ame tutɔwo aɖui.
8
Woami Israel; azɔ woanɔ dukɔwo ɖome abe ze ɖigbɔ ene.
9
Elabena woyi Asur; gbetedzi la, eya ɖeka koliae nɔa anyi, ke Efrayim ya na nu eƒe ahiãviwe.
10
Ne wogana ahiãnu le ɖukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu ɖe wo ŋu, eye woavo vie tso amegãwo ƒe fia ƒe adzɔnana si me.
11
Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ, ne wòatsɔ awɔ nutala, eye vɔsamlekpuiawo zu nuvo nɛ.
12
Ne meŋlɔ nye se akpe nane nɛ hã la, ebunɛ abe ame tutɔ tɔe wonye ene.
13
Wowu nye vɔsalãwo, ne woaɖu lã; woƒe nu medze Yehowa ŋu o Azɔ aɖo ŋu woƒe voɖaɖawo, ahe to na wo le woƒe nuvɔ̃wo ta, eye woagagbugbɔ ayi Egipte.
14
Israel ŋlɔ ewɔla he; etu fiasãwo, eye Yuda tso du sesẽwo kpaŋkpaŋ; maɖo dzo ɖe eƒe duwo me, ne wòafiã woƒe fiasãwo.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14